Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Yehowa Ðasefowo Trɔ Biblia Be Wòasɔ Ðe Yewoƒe Dzixɔsewo Nua?

Ðe Yehowa Ðasefowo Trɔ Biblia Be Wòasɔ Ðe Yewoƒe Dzixɔsewo Nua?

 Ao, míetrɔ Biblia o. Ke boŋ esi míeva kpɔe be míaƒe dzixɔse aɖewo mewɔ ɖeka kple Biblia o la, míetrɔ míaƒe dzixɔseawo.

 Míete Biblia me dzodzro ɣeyiɣi didi aɖe hafi míeva ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia ɖe go le ƒe 1950 me. Míezãa Biblia ɖe sia ɖe si nɔ anyi ɣemaɣi eye míenana míaƒe dzixɔsewo wɔa ɖeka kple Biblia siawo me nyawo. Na míadzro mí Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔse siwo me míelé ɖe asi tso gbe aɖe gbe ke la dometɔ aɖewo me ne wò ŋutɔ nàkpɔe ɖa be míaƒe dzixɔsewo wɔ ɖeka kple Biblia loo alo womewɔ ɖeka kplii o mahã.

  1.   Míaƒe dzixɔse: Mawu menye Trinita alo Mawuɖekaetɔ̃ o. Míaƒe magazine si nye Zion’s Watch Tower, July 1882 gblɔ be: “Míaƒe agbalẽwo xlẽlawo nyae be míexɔ Yehowa kple Yesu dzi se, eye míexɔ Gbɔgbɔ kɔkɔea hã dzi se, gake míegbea nufiafia si nye be wonye Mawu etɔ̃ le ame ɖeka me, abe ale si ame aɖewo gblɔnɛ ene, wobe wonye Mawuɖekaetɔ̃, la keŋkeŋ be wometso Ŋɔŋlɔawo me o.”

      Nya si Biblia gblɔ: “Yehowa, mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe!” (5 Mose 6:4, Eʋegbe Biblia) “Mawu ɖeka, si nye Fofo, ame si me nuwo katã tso, eye míawo míeli nɛ la, kple Aƒetɔ ɖeka, si nye Yesu Kristo, ame si me nuwo katã to va, eye míawo míeto eyama me la, li na mí.” (1 Korintotɔwo 8:6, Eʋegbe Biblia) Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Fofo, ame si lolo wum.”—Yohanes 14:28, Eʋegbe Biblia.

  2.   Míaƒe dzixɔse: Womewɔa funyafunya amewo le dzo mavɔ me o. Zion’s Watch Tower, June 1882 yɔ nya tso Romatɔwo 6:​23 le King James Version Biblia me be “Nu Vɔ̃ La Ƒe Fetue Nye Ku.” Eye wògblɔ kpee be: “Aleke nya sia gɔme sese le bɔbɔe eye eme kɔe nye esi! Aleke wòwɔ moyae nye esi be ame geɖe siwo gblɔna be yewoxɔ Biblia dzi se be enye Mawu ƒe Nya la yia edzi nɔa tsi tre tsim ɖe nya sia si sɔ nyuie la ŋu esi woyi edzi nɔ gbɔgblɔm be yewoxɔe se be nu si Biblia fiae nye be nu vɔ̃ ƒe fetue nye fuwɔame le dzo mavɔ me tegbee.”

      Nya si Biblia gblɔ: “Luʋɔ, si wɔ nu vɔ̃ la, eyae aku.” (Ezekiel 18:4, 20, Eʋegbe Biblia) To si woahe na ame siwo tsia tre ɖe Mawu ŋu mlɔeba lae nye “tsɔtsrɔ̃ mavɔ,” ke menye fuwɔame mavɔ ye o.​—2 Tesalonikatɔwo 1:9.

  3.   Míaƒe dzixɔse: Dziɖuɖu ŋutɔŋutɔe Mawu Fiaɖuƒea nye, menye nɔnɔme aɖe si le ame ƒe dzi me ye o. Zion’s Watch Tower, December 1881 gblɔ tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu be: “Ne woɖo Mawu Fiaɖuƒe sia anyi la, aɖe anyigbadzifiaɖuƒewo katã ɖa.”

      Nya si Biblia gblɔ: “Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.”​—Daniel 2:​44, Eʋegbe Biblia.

Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia ɖeɖe koe Yehowa Ðasefowo tsɔ ɖoa kpe woƒe dzixɔsewo dzia?

 Ao, elabena míezãa Biblia vovovowo le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me. Nyateƒee, míelɔ̃na faa be míana Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia amewo gamaxɔmaxɔe ne míele Biblia srɔ̃m kple wo, gake edzɔa dzi na mí hã be míasrɔ̃ nu kple ame siwo tiae be yewoazã Biblia bubuwo.