Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 2

Miwɔ Nuteƒe Na Mia Nɔewo

Miwɔ Nuteƒe Na Mia Nɔewo

“Nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke negama eme o.”​—Marko 10:9

Yehowa di be míalɔ̃ “nu si le eteƒe” la wɔwɔ. (Mixa 6:8) Nuteƒewɔwɔ le vevie ŋutɔ le srɔ̃ɖeɖe me, elabena esia manɔmee la, srɔ̃tɔwo maka ɖe wo nɔewo dzi o. Evɔ ehiã vevie be srɔ̃tɔwo naka ɖe wo nɔewo dzi hafi ko woate ŋu alɔ̃ wo nɔewo.

Egbea, nuteƒewɔwɔ le srɔ̃ɖeɖe me ɖo afɔku me. Be nàkpɔ wò srɔ̃ɖeɖea ta la, ele be nàɖoe kplikpaa awɔ nu eve siwo gbɔna.

1 NA WÒ SRƆ̃ÐEÐEA NANƆ VEVIE NA WÒ

NYA SI BIBLIA GBLƆ: ‘Kpɔ nu siwo le vevie wu la dze sii.’ (Filipitɔwo 1:10) Wò srɔ̃ɖeɖeae nye nu siwo le vevie na wò wu le agbe me la dometɔ ɖeka. Eya ta ehiã be nàbui nu vevii.

Yehowa di be srɔ̃wò nanye ame si gbɔ melɔ̃a nu le o eye wòdi hã be ‘miaɖu agbe’ ɖekae. (Nyagblɔla 9:9) Ena eme kɔ ƒãa be mele be miagbe ɖetsɔtsɔ le eme na mia nɔewo gbeɖe o, ke boŋ ele be mi ame evea miadi mɔ siwo dzi miato anɔ dzidzɔ dom na mia nɔewo. (1 Korintotɔwo 10:24) Na srɔ̃wòa nase le eɖokui me be yele vevie na wò eye nèkpɔa ŋudzedze ɖe ye ŋu.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ:

  • Midze agbagba miadi ɣeyiɣi anɔ nuwo wɔm ɖekae eye miaƒe susu nanɔ mia nɔewo ŋu bliboe

  • Bu srɔ̃wòa ŋu ne èdi be yeawɔ nane

2 DZƆ WÒ DZI ŊU

NYA SI BIBLIA GBLƆ: “Ame sia ame si yia edzi nɔa ŋku lém ɖe nyɔnu aɖe ŋu, si na wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.” (Mateo 5:28) Ne èle gbɔdɔnuwɔnawo ŋu bum ɖe ame bubu ŋu la, ke le mɔ aɖe nu la, mèle nuteƒe wɔm na srɔ̃wò o.

Yehowa gblɔ be ele be ‘nàdzɔ wò dzi ŋu.’ (Lododowo 4:23; Yeremiya 17:9) Hafi nàte ŋu awɔ esia la, ele be nàkpɔ nyuie le nu siwo nèkpɔna la ŋu. (Mateo 5:29, 30) Srɔ̃ blemafofo Hiob, ame si bla nu kple eƒe ŋkuwo, be yemana nyɔnu bubu nadzro ye gbeɖe o. (Hiob 31:1) Ðoe kplikpaa be yemakpɔ amamaɖeɖenuwɔnawo gbeɖe o. Ðoe kplikpaa hã be yemaɖe mɔ ame si menye ye srɔ̃ o la ƒe nu nalé dzi na ye o.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ:

  • Na wòadze kɔtɛe na amewo be yeɖoe kplikpaa be yeawɔ nuteƒe na ye srɔ̃

  • Bu srɔ̃wò ƒe seselelãmewo ŋu eye nàtso kadodo ɖe sia ɖe si ana wòaʋã ŋu la me enumake