Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 6

Tɔtrɔ Siwo Vidzidzi Hena Vaa Srɔ̃ɖeɖe Me

Tɔtrɔ Siwo Vidzidzi Hena Vaa Srɔ̃ɖeɖe Me

“Ŋutsuviwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ.”​—Psalmo 127:3

Vidzidzi ate ŋu ahe dzidzɔ kple xaxa siaa vɛ na srɔ̃tɔwo. Esi mienye dzila yeyewo la, miade dzesii be yewozãa yewoƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ akpa gãtɔ ɖe ɖevia ŋu. Alɔ̃madɔmadɔ kple seselelãmekuxiwo ate ŋu ahe nɔnɔme sesẽwo ava miaƒe srɔ̃ɖeɖea me. Ele be wò kple srɔ̃wòa miawɔ tɔtrɔwo ale be miakpɔ mia via gbɔ ahakpɔ miaƒe srɔ̃ɖeɖea hã ta. Aleke Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo ate ŋu akpe ɖe mia ŋu mianɔ te ɖe kuxi siawo nu?

1 TƆTRƆ SIWO VIDZIDZI HENA VƐ GƆME SESE

NYA SI BIBLIA GBLƆ: “Lɔlɔ̃ gbɔa dzi blewu, eye wònyoa dɔme.” Gakpe ɖe eŋu la, lɔlɔ̃ “media ye ŋutɔ tɔ o, mebia dzi kabakaba o.” (1 Korintotɔwo 13:4, 5) Abe vidada yeye ene la, ele eme be wò susu katã anɔ ɖevia ŋu. Ke hã esia ate ŋu ana srɔ̃wòa nasusui be mègatsɔa ɖeke le eme na ye o, eya ta ehiã be nàkpɔ vovo ɖe srɔ̃wòa hã ŋu. Àte ŋu ana wòase le eɖokui me be yele vevie na wò eye eya hã ate ŋu akpe asi ɖe ɖevia gbɔ kpɔkpɔ ŋu ne ègbɔ dzi ɖi hefa tu nɛ.

“Mi srɔ̃ŋutsuwo hã, miyi edzi mianɔ anyi kple nyɔnuwo le sidzedze me.” (1 Petro 3:7) Se egɔme be srɔ̃wòa azã eƒe ŋusẽ akpa gãtɔ ɖe mia via ŋu. Agba bubue nye esia va le edzi, esia ate ŋu awɔe be ɖeɖi nate eŋu, nu nate ɖe edzi eye wòalé blanui gɔ̃ hã. Ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu ado dziku ɖe ŋuwò gɔ̃ hã, gake dze agbagba nàlé ɖokuiwò elabena “dzigbɔɖitɔ nyo wu kalẽtɔ.” (Lododowo 16:32) Se nu gɔme nɛ eye nàkpe asi ɖe eŋu.​—Lododowo 14:29.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ:

  • Vifofo: Kpe ɖe srɔ̃wòa ŋu le ɖevia gbɔ kpɔkpɔ me, nenye zã mee gɔ̃ hã. Ðe ɣeyiɣi siwo nèzãna ɖe nu bubuwo ŋuti la dzi kpɔtɔ ale be nàkpɔ vovo ɖe srɔ̃wò kple viwòa ŋu

  • Vidada: Ne srɔ̃wò be yeakpe ɖe ŋuwò le ɖevia gbɔ kpɔkpɔ me la, ɖe mɔ nɛ. Ne mewɔe nyuie o gɔ̃ hã la, mègahe nya ɖe eŋu o, ke boŋ fia ale si wòawɔe lae tufafatɔe

2 MINA MIAƑE SRƆ̃ÐEKADODOA ME NASẼ

NYA SI BIBLIA GBLƆ: “Woanye ŋutilã ɖeka.” (1 Mose 2:24) Togbɔ be midzi vi hã la, miɖo ŋku edzi be miegakpɔtɔ nye “ŋutilã ɖeka.” Miwɔ nu sia nu be miaƒe srɔ̃ɖekadodoa me nagakpɔtɔ asẽ.

Srɔ̃nyɔnuwo, mikpɔ ŋudzedze ɖe mia srɔ̃wo ƒe kpekpeɖeŋu ŋu. Ale si miekafua wo ate ŋu ‘ada gbe’ le wo ŋu. (Lododowo 12:18) Srɔ̃ŋutsuwo, migblɔ ale si gbegbe mielɔ̃ mia srɔ̃wo hedea asixɔxɔ wo ŋu la na wo. Mikafu wo ɖe ale si woléa be na ƒomeae ta.​—Lododowo 31:10, 28.

“Ame aɖeke neganɔ ye ŋutɔ ƒe nyonyo dim o, ke ame bubu tɔ boŋ.” (1 Korintotɔwo 10:24) Wɔ nu si ade srɔ̃wòa dzi ɣesiaɣi. Midi ɣeyiɣi miaɖo dze, mikafu mia nɔewo eye mise mia nɔewo ƒe dzimenyawo. Migate gbɔdɔdɔ mia nɔewo o. Bu srɔ̃wòa ƒe hiahiãwo ŋu. Biblia gblɔ be: “Miganɔ nu sia tem mia nɔewo o, negbe ɖe mi ame evea mielɔ̃ ɖe edzi.” (1 Korintotɔwo 7:3-5) Eya ta miɖo dze tso nya sia ŋu anukwaretɔe. Ne miegbɔa dzi ɖi hesea nu gɔme na mia nɔewo la, miaƒe srɔ̃ɖekadodoa me agasẽ ɖe edzi.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ:

  • Miɖo ŋku edzi mianɔ vovo kpɔm ɖe mia nɔewo ŋu

  • Nɔ nu suesue siwo ana srɔ̃wòa nase le eɖokui me be nèlɔ̃ ye la wɔm, le kpɔɖeŋu me, àte ŋu aŋlɔ lɔlɔ̃nyawo ɖe agbalẽvi dzi atsɔ anae alo aƒle nunana sue aɖe nɛ

3 ÐEVIA HEHE

NYA SI BIBLIA GBLƆ: “Tso vidzĩ me kee nènya ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo, siwo ate ŋu ana nàzu nunyala hena ɖeɖekpɔkpɔ.” (2 Timoteo 3:15) Miwɔ ɖoɖo ɖe ale si miafia nu mia via ŋu. Nusɔsrɔ̃ ƒe ŋutete wɔnuku aɖe le vidzĩwo si eye wotea ŋu srɔ̃a nu esime wole wo nɔwo ƒe dɔ me gɔ̃ hã. Esi viwòa le dɔ me na wò la, etea ŋu sea wò gbe eye wòtea ŋu wɔa nu ɖe wò seselelãmewo hã nu. Nɔ nu xlẽm nɛ tso eƒe vidzĩme ke. Togbɔ be manɔ egɔme sem o hã la, esia ate ŋu akpe ɖe eŋu be nuxexlẽ nava vivi enu ne etsi.

Togbɔ be viwòa metsi o hã la, ne èle nu ƒom tso Mawu ŋu la, ate ŋu asee. Do gbe ɖa na Yehowa wòase. (5 Mose 11:19) Ne fefem nèle kplii gɔ̃ hã la, ƒo nu tso Mawu ƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu nɛ. (Psalmo 78:3, 4) Ne viwòa le tsitsim la, akpɔe be èlɔ̃ Yehowa, eye esia ana eya hã nalɔ̃e.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ:

  • Do gbe ɖa nàbia nunya si nàtsɔ ahe viwòae

  • Gbugbɔ nɔ nya veviwo gblɔm nɛ edziedzi ale be wòadze nusɔsrɔ̃ gɔme kaba