Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 ÐE WOWƆEA?

Lãmenusenu Si Nana Be Ʋetsuviwo Mekpea Ŋgo O

Lãmenusenu Si Nana Be Ʋetsuviwo Mekpea Ŋgo O

ƲETSUVIWO hona le ha me eye wotea ŋu sɔa gbɔ taŋtaŋ abe “miliɔn 80 ene le teƒe si ƒe lolome nye kilometa ɖeka kpe ɖo.” Gake womekpea ŋgo o. Nu ka gbɔe wòtsona?

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Lãmenusenu aɖe le ʋetsuviwo ƒe ŋku ƒokpliawo dometɔ ɖe sia ɖe megbe si kpɔa nu sia nu si zɔ gbɔna wo gbɔ. Ne edze abe ɖe wole ŋgo kpe ge ene la, lãmenusenu sia naa nyanya aʋalawo kple afɔwo, eye wònana be ʋetsuviawo wɔa nu kpata. Le nyateƒe me la, ʋetsuviawo ƒe nuwɔna tsɔna zigbɔzi atɔ̃ wu ŋku ƒe aɖabaƒoƒo ɖeka.

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo nɔ te ɖe ʋetsuviwo ƒe ŋku kple lãmenusenu mawo ƒe dɔwɔwɔ dzi wɔ mɔ̃ aɖe de robot siwo zɔna me ale be wotea ŋu kpɔa nu siwo woate ŋu akpe ŋgo kpli la heƒoa asa na wo eye mehiã be woazã mɔ̃ deŋgɔwo atsɔ afia mɔ wo o. Numekulawo le mɔ̃ɖaŋununya sia zãm le ʋuwo wɔwɔ me. Wole ɖoɖo aɖe wɔm de ʋuawo me si ana toklã ʋukulawo kaba tso afɔku siwo tututu le wo ŋgɔ la ŋu ale be ʋufɔkuwo dzi naɖe kpɔtɔ. Aƒetɔ Shigang Yue si nye Nufialagã le Lincoln Yunivɛsiti si le United Kingdom (Royaume-Uni) gblɔ be: “Nu geɖewo li míasrɔ̃ tso ʋetsuviwo, siwo nye nudzodzoevi tsɛwo gbɔ.”

Nu kae nèsusu? Ðe lãmenusenu si nana be ʋetsuviwo mekpea ŋgo o la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?