Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | SRƆ̃TƆWO

Ale Si Nàdzudzɔ Dzikuléle Ðe Dɔ Me

Ale Si Nàdzudzɔ Dzikuléle Ðe Dɔ Me

KUXIA

Mète ŋu le nya veame alo nu si srɔ̃wò wɔ ɖe ŋuwò la ŋlɔm be o; eƒe nyaawo kple nuwɔnawo tsi susu me na wò ɖikaa. Esia wɔe be ame si nèlɔ̃ tsã la ƒe nu va le dɔ me vem na wò. Edze abe naneke hã meli nàwɔ o wu be nàyi edzi anɔ ame sia si mèlɔ̃ o la gbɔ ene. Ema ɖeɖe na srɔ̃wòa ƒe nu gale dzi kum na wò ɖe edzi.

Ka ɖe edzi be nuwo ate ŋu atrɔ. Gake gbã la, na míadzro nu ʋɛ aɖewo me ku ɖe dzikuléle ɖe dɔ me ŋu.

NU SI WÒLE BE NÀNYA

Dzikuléle ɖe dɔ me daa agba kpekpe aɖe ɖe dzikudolaa dzi si wɔnɛ be metea ŋu ɖea zɔ yia ŋgɔ o

Dzikuléle ɖe dɔ me ate ŋu agblẽ srɔ̃ƒe na wò. Nu ka ta? Elabe enana nɔnɔme siwo nana be srɔ̃ɖeɖe lia ke, abe lɔlɔ̃, kaka ɖe ame nɔewo dzi kple nuteƒewɔwɔ ene meganɔa srɔ̃ɖeɖea me o. Le mɔ aɖe nu la, menye srɔ̃ɖeɖemekuxiwo gbɔe dzikuléle ɖe dɔ me tsona o, ke boŋ srɔ̃ɖeɖemekuxie dzikuléle ɖe dɔ me ŋutɔ hã nye. Eya tae Biblia gblɔ be míaɖe “ameléleɖedɔme kaɖikaɖi” ɖa le mía dome.Efesotɔwo 4:31.

Ne èléa dziku ɖe dɔ me la, ke èle nu gblẽm le ɖokui- wò ŋu. Dzikuléle ɖe dɔ me le abe tomeƒoƒo na ame ɖokui gake anɔ mɔ kpɔm be ame kemɛa nase vevea ene. Mark Sichel ŋlɔ le eƒe agbalẽ si nye Ƒomekuxiwo Gbɔ Kpɔkpɔ (ele yevugbe me) me be: “Ƒomea me tɔ si nèlé ɖe dɔ me la ya aɖe dzi ɖi bɔkɔɔ anɔ vivi sem na agbea eye ɖewohĩ wò dzikuléle ɖe dɔ mea maɖe fu nɛ kura o.” Nu ka tututue Sichel wɔnɛ? Eɖe eme be: “Dzikuléle ɖe dɔ me gblẽa nu le dzikudola ŋu wu ame si wòlé ɖe dɔ me.”

Dzikuléle ɖe dɔ me le abe tomeƒoƒo na ame ɖokui gake anɔ mɔ kpɔm be ame kemɛa nase vevea ene

Ame ŋutɔ ƒe tiatiae dzikuléle ɖe dɔ me nye. Ame aɖe- wo malɔ̃ ɖe nya sia dzi o. Woagblɔ be, ‘Srɔ̃nyee na meléa dziku ɖe dɔ me.’ Kuxiae nye be nuŋububu alea nana ame tsɔa eƒe susu ɖoa nu si ŋu mate ŋu awɔ naneke le o, si nye ame kemɛa ƒe nuwɔnawo la ŋu. Biblia ya fia nu si to vovo. Egblɔ be: “Ame sia ame nado nu si ye ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ nye la kpɔ.” (Galatiatɔwo 6:4) Míate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe nu si ame bubuwo wɔna alo gblɔna dzi o, gake míate ŋu  atia ale si míawɔ nu ɖe woƒe nyawo nui. Menye dzikuléle ɖe dɔ mee nye nyagbɔkpɔnu o.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Lɔ̃ ɖe edzi be ye ŋutɔe tiae be yealé dziku ɖe dɔ me. Ele bɔbɔe be nàbu fɔ srɔ̃wò be eyae na yelé dziku ɖe dɔ me. Gake ɖo ŋku edzi be ame ŋutɔe tianae be yealé dziku ɖe dɔ me. Nenema kee wòle le tsɔtsɔke hã gome. Àte ŋu atiae be yeawɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Miaƒe dzibibi la naganɔ anyi ɣe naɖo to ɖe edzi o.” (Efesotɔwo 4:26) Ne mielɔ̃na faa tsɔ kea mia nɔewo la, ana miakɔ dɔ me ɖe mia nɔewo ŋu ne miele miaƒe nyawo gbɔ kpɔm.—Biblia ƒe gɔmeɖose: Kolosetɔwo 3:13.

Dzro ɖokuiwò me anukwaretɔe. Biblia lɔ̃ ɖe edzi be ame aɖewo nye ‘dɔmedzoetɔwo kple dzikutɔwo.’ (Lododowo 29:22) Alea wò hã nèlea? Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe dzi kuam helĩhelĩa? Ðe medoa dziku kabakaba? Ðe metsɔa nya suewo wɔa nya gãwoea?’ Biblia gblɔ be “ame si hea nya xoxo ɖe go la, klãa xɔlɔ̃wo dome.” (Lododowo 17:9; Nyagblɔla 7:9) Esia ate ŋu adzɔ le srɔ̃ɖeɖe hã me. Eya ta ne èléa dziku ɖe dɔ me la, bia ɖokuiwò be, ‘Ðe wòahiã be magagbɔ dzi ɖi na srɔ̃nye geɖe wua?’—Biblia ƒe gɔmeɖose 1 Petro 4:8.

Tso nya me le nu si le vevie wu la ŋu. Biblia gblɔ be “ɖoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li.” (Nyagblɔla 3:7) Mehiã be miaƒo nu tso agɔ ɖe sia ɖe si srɔ̃wò dze le dziwò la ŋu o; ɣeaɖewoɣi la, ɖeko wòle be ‘nàde ŋugble le dzi me le wò aba dzi, eye nàzi ɖoɖoe.’ (Psalmo 4:5) Ne èkpɔe be ehiã be yewoaƒo nu tso masɔmasɔ aɖe ŋu godoo la, ke lala dzikua nu nafa gbɔ. Srɔ̃nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Beatriz gblɔ be: “Ne dzi kum ɖe srɔ̃nye ŋu la, medzea agbagba be mana be dzikua nu nafa gbã. Ɣeaɖewoɣi la, meva kpɔnɛ be nu siwo na medo dzikua menye nya gã aɖeke hafi o. Eye esia wɔnɛ be metea ŋu ƒoa nu na srɔ̃nye bubutɔe.”—Biblia ƒe gɔmeɖose Lododowo 19:11.

Se nu si “tsɔtsɔke” fia la gɔme. Gbegbɔgblɔ gbãtɔ me nya si gɔme woɖena ɣeaɖewoɣi le Biblia me be “tsɔtsɔke” la fiana asiɖeɖe le nya ŋu. Eya ta tsɔtsɔke mebia be nàbu agɔ si srɔ̃wòa dze le dziwò la nu tsɛ alo awɔ abe ɖe medze agɔ le dziwò kura ene o; ke boŋ nu si wòbiae nye be nàɖe asi le nyaa ŋu esi nènyae be dzikuléle ɖe dɔ me ate ŋu agblẽ nu le wò lãmesẽ kple wò srɔ̃ɖeɖe ŋu wu agɔ si srɔ̃wòa dze le dziwò ta.