Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ÐE WOWƆEA?

Ŋutete Si Le Abosra Si Be Wòatrɔ Eƒe Amadede

Ŋutete Si Le Abosra Si Be Wòatrɔ Eƒe Amadede

ABOSRA tea ŋu trɔa eƒe amadede si wɔnɛ be menɔa bɔbɔe be woakpɔe o. Nyatakaka aɖe si ku ɖe abosra ŋu la gblɔ be, “ŋutilã ƒe amadede vovovowoe le esi eye wòtea ŋu trɔa eƒe amadede le sekɛnd ɖeka ko me.” Aleke wòtea ŋu wɔa esiae?

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Lãmenugbagbevi tɔxɛ aɖe si le abosra la ƒe lãme ye kpena ɖe eŋu wòtea ŋu trɔa eƒe amadede. Amadedeawo le kotoku suesuesue ƒomevi aɖewo me fũu le lãmenugbagbevia me, eye lãkusiwo ƒo xlã wo keŋ. Ne abosra la di be yeatrɔ yeƒe amadede ne woagakpɔ ye o la eƒe ahɔhɔ̃ ɖoa nyatakakawo ɖe lãkusi siwo ƒo xlã kotoku suesuesueawo, eye esia nana womiana. Emegbe kotoku suesuesue siwo me amadedeawo le la vuna si nana abosra la trɔa eƒe amadede kple nɔnɔme enumake. Menye ɖeko abosra tea ŋu zãa ŋutete sia be woagakpɔ ye ko o, ke ezãnɛ hã be yeatsɔ awɔ nu si adze yeƒe kpeɖeŋutɔ ŋu alo aɖo dze.

Mɔ̃ɖaŋudɔwɔla siwo le yunivɛsiti aɖe si le Bristol, England la wɔ abosra sia ƒe ŋutilã ƒomevi aɖe. Wode aŋe yibɔ gbagbɛgbagbɛ aɖewo abosraa ƒe ŋutilã ƒomevi si wowɔ la ƒe akpa aɖewo me be wòawɔ dɔ abe abosra ƒe lãkusi ene. Esi wode elektrikŋusẽ abosra ƒe ŋutilã ƒomevi si wowɔ me la, ewɔ gbagbɛ hena aŋe gbagbɛ yibɔawo vu eye wòna abosra ƒe ŋutilã ƒomevi si wowɔ la ƒe amadede nɔ tɔtrɔm.

Jonathan Rossiter si nye mɔ̃ɖaŋudɔ- wɔla gblɔ tso numekuku si wowɔ tso abosra ƒe lãkusi ŋu be, “ale si tɔmelã sia tea ŋu trɔa eƒe amadede bɔbɔe la” ate ŋu ana be woawɔ nudodo siwo anɔ amadede trɔm le sekɛnd ɖeka ko me. Aƒetɔ Rossiter yi edzi be amewo ate ŋu ado awu si woawɔ la be amewo nagakpɔ wo adze sii o loo alo be wòanye awudodo ƒe atsyã ko.

Nu kae nèsusu? Ðe ŋutete si le abosra si be wòatrɔ eƒe amadede la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?