Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Kae Nènya Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu?

Nu Kae Nènya Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu?

Èkpɔa mí le ablɔwo dzi míenɔa gbeƒã ɖem. Ðewohĩ èxlẽ nu tso mía ŋu le nyadzɔdzɔgbalẽwo me alo se nu tso mía ŋu le amewo nu. Gake nu kawoe wò ŋutɔ nènya tso Yehowa Ðasefowo ŋu?

DO WÒ SUSU KPƆ

Tia nyateƒee alo aʋatsoe.

NYATEƑEE AƲATSOE

  1. Yehowa Ðasefowo nye Kristotɔwo.

  2. Yehowa Ðasefowo xɔe se be ŋkeke ɖekaɖeka adee wotsɔ wɔ nuwo.

  3. Yehowa Ðasefowo melɔ̃na wowɔa atike na wo o.

  4. Yehowa Ðasefowo xɔ Biblia bliboa dzi se.

  5. Yehowa Ðasefowo zãa woawo ŋutɔwo ƒe Biblia ko.

  6. Yehowa Ðasefowo trɔ woƒe Biblia be wòasɔ kple woƒe dzixɔsewo.

  7. Yehowa Ðasefowo mekpɔa gome le dudɔwo me o.

  8. Yehowa Ðasefowo mebua subɔsubɔha bubu me tɔwo ɖe ɖeke me o.

Kpɔ ŋuɖoɖoawo le axa si kplɔe ɖo.

  1. 1 NYATEƑEE. Míedzea agbagba be míanɔ agbe ɖe Yesu Kristo ƒe nufiafiawo kple nuwɔnawo nu. (1 Petro 2:21) Ke hã míeto vovo le mɔ geɖe nu tso subɔsubɔha siwo hã gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, míeva kpɔe le míaƒe Biblia sɔsrɔ̃ me be Yesu nye Mawu ƒe Vi ke menye Mawuɖekaetɔ̃ ƒe akpa aɖe o. (Marko 12:29) Míexɔ luʋɔ makumaku ƒe nufiafia dzi se o, alo kpɔ kpeɖodzi aɖeke le Ŋɔŋlɔawo me be Mawu wɔa funyafunya amewo le dzomavɔ me tegbee o. Eye míekpɔ kpeɖodzi aɖeke le Biblia me be ame siwo xɔa ŋgɔ le mawusubɔsubɔ me natsɔ dzesideŋkɔ gãwo ada ɖe wo ɖokuiwo dzi o.—Nyagblɔla 9:5; Ezekiel 18:4; Mateo 23:8-10.

  2. 2 AƲATSOE. Míexɔe se be Mawue wɔ nuwo katã. Míeda asi ɖe nu geɖe siwo ame siwo xɔe se be ŋkeke ɖekaɖeka adee wotsɔ wɔ nuwoe fiana la dzi o. Nu ka tae? Elabena woƒe nufiafia geɖewo mewɔ ɖeka kple Biblia o. Le kpɔɖeŋu me, wo dometɔ aɖewo gblɔna be ŋkeke ɖe sia ɖe si wotsɔ wɔ nuwo ƒe didime nye gaƒoƒo 24. Gake ne Biblia zã nya “ŋkeke” la, etea ŋu fiaa ɣeyiɣi ƒe didime aɖe. (1 Mose 2:4; Psalmo 90:4) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wofiaa nu hã be ƒe akpe ʋɛ aɖewo koe anyigba la xɔ. Gake Biblia fia nu be anyigbaa li xoxoxo hafi nuwɔwɔwo ƒe ŋkeke adeawo dze egɔme. 11 Mose 1:1.

  3. 3 AƲATSOE. Míelɔ̃na wowɔa atike na mí. Le nyateƒe me la, mía dometɔ aɖewo gɔ̃ hã nye ɖɔktawo abe ale si wònɔ le Kristotɔ Luka si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me gome ene. (Kolosetɔwo 4:14) Ke hã míegbea dɔdamɔnu ɖe sia ɖe si tsi tre ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, míelɔ̃na wodoa ʋu na mí o, elabena Biblia gblɔ be míatsri ʋu.—Dɔwɔwɔwo 15:20, 28, 29.

    Togbɔ be ele alea hã la, míedina be woawɔ atike nyuitɔ na míawo ŋutɔwo kple míaƒe ƒometɔwo. Le nyateƒe me la, dɔwɔwɔ na ame ʋu madomadoe si woto vɛ hezãna na Ðasefo siwo dze dɔ la le vi ɖem na ame bubu siwo menye Ðasefowo o hã. Le dukɔ geɖe me la, le afɔku siwo ate ŋu ado tso ʋudodo me abe ʋumedɔlélewo, dɔléle bubuwo kple vodada siwo ɖɔktawo ate ŋu awɔ ta la, dɔnɔ aɖe ate ŋu atiae fifia be woagado ʋu na ye o.

  4. 4 NYATEƑEE. Míexɔe se be Biblia blibo la “tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo.” (2 Timoteo 3:16) Esia fia be míexɔ Nubabla Xoxoa kple Nubabla Yeyea siaa dzi se.Zi geɖe la, míeyɔa wo be Hebri Ŋɔŋlɔawo kple Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo. Eyɔyɔ alea nana míeƒoa asa na Biblia ƒe akpa aɖewo bubu be wozu tsigãdzinu alo be womele vevie o.

  5. 5 AƲATSOE. Míezãa Biblia gɔmeɖeɖe vovovowo le míaƒe Biblia sɔsrɔ̃ me. Gake ne míaƒe Biblia si nye Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe le gbegbɔgblɔ aɖe me la, míezãa eya boŋ elabena Mawu ƒe ŋkɔ dze le eme, ede pɛpɛpɛ, eye eme kɔ. Na míade ŋugble tso ale si wozã Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa ŋu kpɔ. Le Biblia aɖe ƒe ŋgɔdonya me la, woŋlɔ ame vovovo 79 siwo kpe asi ɖe Biblia la gɔmeɖeɖedɔa ŋu la ƒe ŋkɔwo ɖe eme. Ke hã, le Biblia sia ke me la, woɖe Biblia la Ŋlɔla si nye Yehowa Mawu ƒe ŋkɔ ɖa le eme! To vovo na ema la, wogbugbɔ Mawu ƒe ŋkɔ de teƒe akpe geɖe siwo wòdze le le asinuŋɔŋlɔgbalẽ gbãtɔwo me ɖe Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia la me. 2

  6. 6 AƲATSOE. Ne míeva de dzesii be míaƒe dzixɔse aɖe mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe nufiafia bliboe o la, míewɔa asitɔtrɔ le eŋu. Hafi míava ta Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia le ƒe 1950 me la, míezãa Biblia gɔmeɖeɖe siwo nɔ anyi ɣemaɣi la tsɔ ƒoa nu tsoa míaƒe dzixɔsewo ŋu.

  7. 7 AƲATSOE. Míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɖea vi na amewo le nutoa me. Míekpe ɖe ame geɖe ŋu wodzudzɔ numame gbegblẽwo abe atike vɔ̃ɖiwo zazã kple aha tsu nono ene. Míaƒe nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa kpe ɖe ame akpe geɖe ŋu wosrɔ̃ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ. Míenaa kpekpeɖeŋu Ðasefowo kple ame siwo menye Ðasefowo o siaa ne afɔkuwo dzɔ. Míedzea agbagba zãa Biblia tsɔ faa akɔ na amewo le ɣeyiɣi sesẽ mawo me. 3

  8. 8 AƲATSOE. Míewɔna ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si nye be ‘míabu amewo katã ƒomevi,’ eɖanye subɔsubɔha ka mee wòɖale o la dzi. (1 Petro 2:17) Le kpɔɖeŋu me, Ðasefo akpe geɖe le dukɔ aɖewo me, gake míeƒonɛ ɖe dziɖuɖumegãwo alo sewɔlawo nu be woaɖo asi subɔsubɔha bubuwo dzi o. Eye míeƒonɛ ɖe dziɖuɖumegãwo nu be woawɔ sewo be míatsɔ azi dzidzenu siwo nu míenɔa agbe ɖo kple míaƒe dzixɔsewo ɖe amewo dzi o. Ke boŋ míewɔa nu ɖe amewo ŋu abe ale si míedi be woawɔ nu ɖe mía ŋu ene.—Mateo 7:12.

Nu siwo katã ŋu míeƒo nu tsoe la le míaƒe nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org/ee. Àkpɔ nyati bubu geɖewo le MÍA ŊU NYAWO > NYA SIWO AMEWO BIANA EDZIEDZI.

^ 1. Esia ta míawo míetsia tre ɖe kpeɖodzi siwo fia be anyigba xɔ ƒe biliɔn geɖe la ŋu abe ale si ame siwo xɔe se be ŋkeke ɖekaɖeka adee wotsɔ wɔ nuwoe la tsia tre ɖe eŋu ene o.

^ 2. Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia la gaɖe dzesi le mɔ bubu aɖe nu: Míemanɛ na amewo faa eye míekaa ga ɖe eŋu o. Esia wɔe be ame miliɔn geɖe tea ŋu xlẽa Biblia le woawo ŋutɔwo degbe me. Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia la le gbegbɔgblɔ 130 sɔŋ me fifia. Àte ŋu axlẽe le Internet dzi le www.mt711.com/ee hã.

^ 3. Mɔ siwo nu míezãa ga siwo míedzɔna le dometɔ ɖekae nye kpekpeɖeŋunana ame siwo dzi afɔkuwo dzɔ ɖo. (Dɔwɔwɔwo 11:27-30) Esi wònye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo mexɔa ga aɖeke o ye wɔa kpekpeɖeŋunadɔawo ta la, enana míezãa ga si woka ɖe dɔ mawo ŋu la pɛpɛpɛ, míetsɔnɛ xea fe na dɔa wɔlawo o.