Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SI NANA WOKPƆA DZIDZƆ

Lãmesẽmenɔnɔ Kple Tenɔnɔ Ðe Nu Nu

Lãmesẽmenɔnɔ Kple Tenɔnɔ Ðe Nu Nu

NE AME AÐE LE DƆ LÉM ATRAÐII ALO ZU NUWƆAMETƆ LA ATE ŊU ANA AMEA MAKPƆ DZIDZƆ O. Esi ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Ulf, si nɔ lãmesẽ me tsã va tsi teƒe ɖeka la, egblɔ be: “Nu te ɖe dzinye vevie. Ŋusẽ vɔ le ŋunye, dzi ɖe le ƒonye eye . . . mese le ɖokuinye me be ‘evɔ nam.’”

Nu si dzɔ ɖe Ulf dzi na míekpɔe be mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu adze dɔ. Ke hã míate ŋu awɔ nu vevi aɖewo atsɔ akpɔ mía ɖokuiwo ta. Gake ne edzɔ be míaƒe lãme le gbegblẽm ɖe edzi ɖe? Ðe ema ana míado kpo dzidzɔkpɔkpɔa? Abe ale si míava kpɔe ene la, mele be wòayi alea o. Gbã la, na míade ŋugble tso mɔfiame aɖewo siwo akpe ɖe mía ŋu míanɔ lãmesẽ me la ŋu.

‘DA SƆ LE NUWƆNA ME.’ (1 Timoteo 3:2, 11) Nu tsu ɖuɖu alo aha tsu nono agblẽ nu le míaƒe lãmesẽ ŋu eye egblẽa ga dome na ame hã. “Mèganɔ aha tsu nolawo kple lã tsu ɖulawo dome o, elabena ahamula kple nu tsu ɖula la, ada ahe.”—Lododowo 23:20, 21.

MÈGAƑO ÐI WÒ ŊUTILàO. “Mina míakɔ mía ɖokui ŋu tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me.” (2 Korintotɔwo 7:1) Ame siwo ɖua atama alo yɔnɛ alo mua aha alo zãa atike vɔ̃ɖiwo la le ɖi ƒom woƒe ŋutilãwo. Le kpɔɖeŋu me, Dɔléle Nutsitsi Kple Mɔxexe Ðe Enu Dɔwɔƒe si le Amerika gblɔ be, atamanono “nana woléa dɔ vovovowo eye ame zua nuwɔametɔ eye wògblẽa nu le dzitodzito, aklã kple lãmenu vevi bubuwo katã kloe ŋu.”

BU WÒ ŊUTILÃ KPLE WÒ AGBE BE WONYE NUNANA XƆASIWO. “[Mawue] na míele agbe, eye míeʋãna, eye míeli.” (Dɔwɔwɔwo 17:28) Ne míelɔ̃ ɖe nya ma dzi la, aʋã mí be míade míaƒe agbe afɔku me le dɔ me, ne míele ʋu kum alo le modzaka si míaɖe tiam o. Viɖe kae wòanye ne ame aɖe di be yease vivi ɣeyiɣi vi aɖe ko gake wòazu nuwɔametɔ emegbe?

MÈGANƆ DZIKU DOM KABAKABA O. Kadodo kplikplikpli le wò susu kple ametia dome. Eya ta dze agbagba nàɖu dzimaɖitsitsi, dziku, ŋuʋaʋã kple seselelãme gbegblẽ bubuwo dzi. Psalmo 37:8 gblɔ be: “Wò dɔmedzoe nu nefa, eye nàdzudzɔ dzikudodo.” Ŋɔŋlɔ bubu gblɔ be: “Migatsi dzimaɖi gbeɖe le etsɔ si gbɔna ŋu o, elabena etsɔ si gbɔna la kple eya ŋutɔ ƒe dzimaɖitsitsiwoe.”—Mateo 6:34.

NA WÒ SUSU NANƆ NU NYUIWO ŊU. Lododowo 14:30 gblɔ be: “Dzi fatu naa agbe ametia.” Biblia gagblɔ be: “Dzi kpɔdzidzɔ nye atike nyui.” (Lododowo 17:22) Nya ma wɔ ɖeka kple dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe nyawo. Ðɔkta aɖe si le Scotland gblɔ be, “ne dzi dzɔa wò la, ekema anɔ eme be le etsɔme la, mava nɔ dɔ lém abe ame siwo mekpɔa dzidzɔ o la ene o.”

SRƆ̃ ALE SI NÀNƆ TE ÐE NU NU. Abe Ulf, si ƒe nya míegblɔ va yi ene la, ɖewohĩ naneke meli si míawɔ tso míaƒe kuxi aɖe ŋu wu be míado dzi anɔ te ɖe enu o. Ke hã, míate ŋu adi mɔ siwo dzi míato ado dzi. Dzi ɖena le ame aɖewo ƒo vevie, si gblẽa nyaa ɖe edzi. Lododowo 24:10 gblɔ be: “Ne dzi ɖe le ƒowò le xaxagbe la, ekema wò ŋusẽ dzi aɖe kpɔtɔ.”

Gake ɖewohĩ le ame aɖewo gome la, dzi ɖena le wo ƒo vie gake emegbe ŋusẽ gaɖoa wo ŋu. Wotrɔna ɖe nɔnɔmea ŋu. Wodia mɔ siwo dzi woato ado dzi. Aleae wònɔ le Ulf gome. Egblɔ be esi yedo gbe ɖa zi geɖe eye yede ŋugble le Biblia me nyawo ŋu la, “yeƒe susu va nɔ nu siwo yeate ŋu awɔ ŋu tsɔ wu kuxiawo.” Azɔ hã, abe ale si wòle le ame siwo to kuxi sesẽwo me gome ene la, esrɔ̃ nublanuikpɔkpɔ kple veveseɖeamenu eye esia ʋãe wògblɔ akɔfanamenya siwo le Biblia me la na amewo.

Ame bubu aɖe hã si to kuxi sesẽwo mee nye Steve. Esi wòxɔ ƒe 15 la, edze afɔku si na wòtu tso eƒe kɔ gbɔ va ɖo afɔgɔme. Esi wòxɔ ƒe 18 la, ŋusẽ va ɖo eƒe abɔwo ŋu. Eyi yunivɛsiti eye le afi maa ezã atike vɔ̃ɖiwo, enoa aha eye wòƒo eɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me. Mɔkpɔkpɔ bu ɖee, gake esi wòva dze Biblia sɔsrɔ̃ la, eƒe agbenɔnɔ va trɔ eye esia na wòdzudzɔ agbe vlo nɔnɔ. Egblɔ be “Nye agbe megale abe tsã ene o, taɖodzinu va le eŋu. Fifia mele ŋutifafa me, mele dzidzɔ kpɔm eye nye dzi dze eme.”

Steve kple Ulf ƒe nyawo na míeɖo ŋku Psalmo 19:7, 8 me nyawo dzi. Afi ma gblɔ be: “Yehowa ƒe se de blibo, enana ŋusẽ gaɖoa ame ŋu. . . . Yehowa ƒe ɖoɖowo dzɔ, wodoa dzidzɔ na dzi; Yehowa ƒe sedede dza, enana ŋku dzi kɔna.”