Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Si Nàwɔ Ne Wò Lãmesẽnyawo Trɔ Kpata

Nu Si Nàwɔ Ne Wò Lãmesẽnyawo Trɔ Kpata

 Ðe dɔléle aɖe le ŋuwò si va nyrã ɖe edzia? Ke ɖikeke mele eme o be ènya ale si lãmegbegblẽ tea ŋu nana ame tsia mavomavo, nana nu tena ɖe ame dzi, kple ale si ame zãa ga geɖe le dɔdada me. Gake nu kae akpe ɖe ŋuwò ne èle nɔnɔme sia me? Aleke nàte ŋu akpe ɖe wò ƒometɔ alo xɔ̃wò aɖe si le dɔ lém la ŋu? Togbɔ be menye atikeŋutinunyagbalẽ ye Biblia nye o hã, aɖaŋuɖoɖo nyui aɖewo le eme siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya nu si nàwɔ anɔ te ɖe wò lãmegbegblẽa nu.

Aɖaŋuɖoɖo siwo akpe ɖe ŋuwò ne èle dɔ lém

  •   Di dɔdamɔnu siwo nàte ŋu azã

     Nya si Biblia gblɔ: “Ame siwo le lãmesẽ me la mehiã gbedala o, ke boŋ dɔnɔwoe hiãe”—Mateo 9:12.

     Nu si esia fia: Di kpekpeɖeŋu tso ɖɔktawo gbɔ ne ehiã.

     Te esia kpɔ: Di dɔdamɔnu nyuitɔ siwo li. Ɣeaɖewoɣia, anyo be nàyi ɖɔkta bubuwo hã gbɔ kpɔ. (Lododowo 14:15) Ðɔ nu si tututu wò wɔm la na wo nyuie, eye dze agbagba nàse nya siwo woagblɔ la gɔme; kpɔ egbɔ hã be wose ale si tututu nua le wòwɔmee la gɔme nyuie. (Lododowo 15:22) Ku nu me tso wò dɔlélea kple dɔdamɔnu siwo katã li nàte ŋu azã la ŋu. Ne ènya nu siwo nàkpɔ mɔ na la, esia ana nànɔ dzadzraɖo ɖi nyuie anɔ te ɖe kuxia nu, eye nàtso nya me nyuie le dɔdamɔnuwo ŋu.

  •   Wɔ nu siwo ana nànɔ lãmesẽ me

     Nya si Biblia gblɔ: “Kamedede nyo.”—1 Timoteo 4:8, etenuŋɔŋlɔ.

     Nu si esia fia: Aɖe vi geɖe na wò ne èdzea agbagba wɔa nu siwo ana nànɔ lãmesẽ me, le kpɔɖeŋu me, ne èdea kame edziedzi.

     Te esia kpɔ: Nɔ kame dem edziedzi, nɔ nu siwo me nunyiame le la ɖum, eye nànɔ alɔ dɔm nyuie. Togbɔ be ànɔ agbagba dzem be yeatrɔ ɖe yeƒe nɔnɔme yeyea ŋu hã, lãmesẽŋutinunyalawo lɔ̃ ɖe edzi be ne èdzea agbagba zãa ɣeyiɣi geɖe ɖe nu siwo ana nànɔ lãmesẽ me ŋua, eɖea vi ŋutɔ. Gake kpɔ egbɔ be nuɖuɖu alo kamedede siwo nàtia la nagana wò dɔlélea nanyrã ɖe edzi alo wòana atike siwo zam nèle la mawɔ dɔ nyuie o.

  •   Di kpekpeɖeŋu tso ame bubuwo gbɔ

     Nya si Biblia gblɔ: “Xɔlɔ̃ vavã lɔ̃a ame ɣeawokatãɣi eye ame nɔvi wònye wodzi ɖe xaxagbe ŋu.”—Lododowo 17:17.

     Nu si esia fia: Xɔ̃wòwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le nɔnɔme sesẽwo me.

     Te esia kpɔ: Ðo dze kple xɔ̃wò aɖe si dzi nèka ɖo si nàte ŋu agblɔ wò dzimenyawo na faa. Esia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be wò dzi nadze eme, eye wò susu me nadze akɔ anyi le wò nɔnɔmea me gɔ̃ hã. Xɔ̃wòwo kple wò ƒometɔwo adi be yewoakpe ɖe ŋuwò, gake womanya ale si woawɔe o. Eya ta gblɔ kpekpeɖeŋu si nàdi tso wo gbɔ la na wo. Bia nu siwo nènya be woate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ŋuwò la wo eye nàda akpe ɖe kpekpeɖeŋu siwo woana wò la ta. Nenɔ susu me na wò be togbɔ be xɔ̃wòwo di be yewoakpe ɖe ŋuwò hã, ɣeaɖewoɣia woƒe nuwɔnawo ate ŋu ado kplamatsɛ wò, eya ta àte ŋu aɖo ŋkeke kple game siwo nàdi be woava srã ye kpɔ la ɖi.

  •   Susu nyui nenɔ asiwò ɖe nɔnɔmea ŋu.

     Nya si Biblia gblɔ: “Dzi kpɔdzidzɔ nye atike nyui, ke gbɔgbɔ si dzi nu te ɖo vevie la nana ŋusẽ vɔna le ame ŋu.”—Lododowo 17:22.

     Nu si esia fia: Ne susu nyui le asiwo le nɔnɔmea ŋu la, esia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nànɔ te ɖe wò nɔnɔmea nu eye màtsi dzimaɖi fũu o.

     Te esia kpɔ: Tsɔ wò susu ɖo nu siwo nàte awɔ le wò nɔnɔme yeyea me ŋu, ke menye nu siwo màte ŋu awɔ o la ŋu o. Mègatsɔ ɖokuiwò nɔ sɔsɔm kple ame bubuwo alo atsɔ ale si nuwo le na wò fifia anɔ sɔsɔm kple ale si nuwo nɔ na wò tsã o. (Galatiatɔwo 6:4) Ðo taɖodzinu siwo gbɔ nàte ŋu aɖo. Esia akpe ɖe ŋuwò be dzi maɖe le ƒowò o. (Lododowo 24:10) Kpe ɖe ame bubuwo ŋu le ale si wò nɔnɔmea aɖe mɔe nu. Dzidzɔ si nàkpɔ ne èkpe ɖe ame bubuwo ŋu ate ŋu awɔe be wò susu me nadze akɔ anyi.—Dɔwɔwɔwo 20:35.

Ðe Mawu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe wò dɔlélea nua?

 Biblia ɖee fia be Yehowa Mawu a ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe wò dɔlélea nu. Togbɔ be mímakpɔ mɔ be Mawu nada dɔ na mí nukutɔe o hã, Mawu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le mɔ siwo gbɔna nu:

 Ŋutifafa. Yehowa ana ‘eƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la’ wò. (Filipitɔwo 4:6, 7) Ŋutifafa sia ana be wò dzi nadze eme eye màtsi dzimaɖi fũu ɖe wò nɔnɔmea ŋu o. Mawu naa ŋutifafa sia ame siwo doa gbe ɖa hegblɔa woƒe dzimaɖitsitsiwo nɛ.—1 Petro 5:7.

 Nunya. Yehowa ate ŋu ana nunya wò nàtso nya me nyuie. (Yakobo 1:5) Nunya sia ate ŋu asu ame si ne esrɔ̃a Biblia ƒe mɔfiamewo eye wòwɔa wo dzi.

 Mɔkpɔkpɔ nyui si li ku ɖe etsɔme ŋu. Yehowa do ŋugbe ku ɖe etsɔme ŋu be: “Dua me tɔ aɖeke magblɔ be, ‘Mele dɔ lém’ o.” (Yesaya 33:24) Mɔkpɔkpɔ sia kpena ɖe ame geɖe ŋu be dzi meɖena le wo ƒo o nenye be dɔlénya sesẽwo fu ɖem na wo gɔ̃ hã.—Yeremiya 29:11, 12.

a Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.—Psalmo 83:18.