Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ALE SI NÀWƆ AVO TSO NUTEÐEAMEDZI ME

Anya Wɔ Be Míavo Tso Nuteɖeamedzi Me

Anya Wɔ Be Míavo Tso Nuteɖeamedzi Me

Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo me nunya le la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míavo tso nuteɖeamedzi me. Manya wɔ be míaɖe nu siwo katã nana nu tena ɖe mía dzi la ɖa le mía ɖokui si o. Gake mía Wɔla ya ate ŋui. Etia ame aɖe gɔ̃ hã be wòava na gbɔdzɔe mí. Ame mae nye Yesu Kristo. Eteƒe madidi o ava wɔ nu wɔnuku siwo lolo wu esiwo wòwɔ esime wònɔ anyigba dzi la le xexea me godoo. Le kpɔɖeŋu me:

YESU AVA DA DƆ NA DƆNƆWO, ABE ALE SI WÒWƆE VA YI ENE.

“Wokplɔ ame siwo katã . . . dɔléle . . . vovovowo le fu wɔmee, . . . va egbɔ, eye wòda dɔ na wo.”—MATEO 4:24.

YESU ANA BE AƑE KPLE NUÐUÐU NASU AME SIA AME SI.

“[Ame siwo dzi Kristo aɖu fia ɖo la atu] xɔ anɔ eme, eye woade waingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, womaƒã nu ame bubu naɖu o.”—YESAYA 65:21, 22.

YESU ƑE DZIÐUÐU ANA ŊUTIFAFA KPLE DEDIENƆNƆ NAXƆ XEXE BLIBOA ME.

“Ame dzɔdzɔewo adzi ɖe edzi le eƒe ŋkekewo me, eye ŋutifafa axɔ aƒe va se ɖe esime dzinu maganɔ anyi o. Eteviwo anɔ anyi tso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu, tso Tɔsisi la nu va se ɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke. . . . Eye eƒe futɔwo aɖuɖɔ ke.”—PSALMO 72:7-9.

YESU AVA ÐE NU MADZƆMADZƆ WƆWƆ ÐA.

“Ase veve ɖe ame tsɛ kple ame dahe nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe agbe. Aɖe wo tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me.”—PSALMO 72:13, 14.

YESU AVA ÐE FUKPEKPE KPLE KU GƆ̃ HÃ ÐA.

“Ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o.”—NYAÐEÐEFIA 21:4.