Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYƆ! No. 1 2022 | Nuwo Tɔ Zi Le Xexea Me—Gake Àte Ŋu Akpɔ Dzidzɔ

Esi nuwo le gbegblẽm ɖe edzi le xexea me taa, mía dometɔ geɖe le fu kpem le dzɔdzɔmefɔkuwo kple kuxi siwo tso amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo gbɔa ta. Kpɔ nu siwo nàte ŋu awɔ be nànɔ te ɖe kuxi mawo nu kple ale si nàwɔ akpɔ ɖokuiwò kple wò ame veviwo ta.

 

Nuwo Tɔ Zi Le Xexea Me—Aleke Nàwɔ Akpɔ Dzidzɔ?

Ne afɔku dzɔa, wɔ nu kpata be nàkpɔ ɖokuiwò kple wò ƒomea ta.

1 | Kpɔ Wò Lãmesẽ Ta

Ne èwɔa nu siwo ana nànɔ lãmesẽ mea, esia akpe ɖe ŋuwò nàdo dzi ne èva le nɔnɔme sesẽ aɖe me tom.

2 | Kpɔ Nu Si Nu Nènɔa Agbe Ðoa Ta

Ne èléa be na ga nyuiea, esia akpe ɖe ŋuwò ne afɔku aɖe dzɔ eye nuwo va le sesẽm.

3 | Ku Ðe Wò Ame Veviwo Ŋu

Kpɔ nu siwo akpe ɖe ŋuwò be wò kple srɔ̃wo, viwòwo kple xɔ̃wòwo dome nanɔ kplikplikpli.

4 | Kpɔ Mɔ Be Nuwo Ava Nyo

Biblia kpena ɖe mía ŋu be míanɔ te ɖe míaƒe kuxiwo nu eye wòna mɔkpɔkpɔ mí be etsɔme nyui aɖe le ŋgɔ.

Nyɔ! Sia Me Nyawo

Xlẽ nyati siwo akpe ɖe wò kple wò ƒomea ŋu miakpɔ nu siwo miawɔ be mianɔ dzidzɔ kpɔm togbɔ be nuwo tɔ zi le xexea me hã.