Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUWO TƆ ZI LE XEXEA ME

2 | Kpɔ Nu Si Nu Nènɔa Agbe Ðoa Ta

2 | Kpɔ Nu Si Nu Nènɔa Agbe Ðoa Ta

NU SI TA WÒLE VEVIE

Ame geɖe dagbana hafi kpɔa woƒe gbe sia gbe nuhiahiãwo. Nublanuitɔea, nya vɔ̃ siwo le dzɔdzɔm le xexea mea nana esia wɔwɔ gasesẽna ɖe edzi. Nu ka tae?

  • Ne zi tɔ le nuto aɖe mea, nuɖuɖu kple nuhiahiã vevi bubuwo ƒe asi yia dzi eye xɔnyawo hã ɖea fu.

  • Ne nya vɔ̃wo dzɔa, ame geɖe ƒe dɔ gblẽna alo woƒe fetu dzi ɖena kpɔtɔna.

  • Ne afɔkuwo dzɔa, amewo ƒe dɔwɔƒewo, aƒewo, alo nunɔamesi bubuwo dome gblẽna, eye esia wɔnɛ be wova daa ahe.

Nu Si Wòle Be Nànya

  • Ne èléa be na ga nyuiea, esia akpe ɖe ŋuwò ne afɔku aɖe dzɔ eye nuwo va le sesẽm.

  • Ne ganyawo de dziwò fifia hãa, mefia kokoko be anɔ alea ɖaa o; ate ŋu adzɔ be wò fetu, ga siwo nèdzra ɖo kple wò nunɔamesiwo magava ɖi naneke o.

  • Nanewo li siwo ga mate ŋu aƒle o. Esia ƒe ɖewoe nye dzidzɔkpɔkpɔ kple ɖekawɔwɔ si nɔa ƒome me.

Nu Si Nàte Ŋu Awɔ Fifia

Biblia gblɔ be: “Ne nuɖuɖu kple nudodo le mía si la, míana nu siawo nadze mía ŋu.”—1 Timoteo 6:8.

Ne nu siwo le mía si dzea mía ŋua, ke dzi adzɔ mí ne míete ŋu kpɔ míaƒe nuhiahiã veviwo ya teti. Esia ɖea vi vevietɔ ne nɔnɔme sesẽwo wɔe be ga megava le mía si o.

Hafi nu siwo le asiwò nadze ŋuwòa, ɖewohĩ ava hiã be nàsrɔ̃ ale si nànɔ agbe ɖe ga sue si le asiwòa nu. Ne èzãa ga wu esi nèkpɔnaa, ɖeko ganyawo agasesẽ ɖe edzi na wò.