Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Wòle Be Míasubɔ Nɔnɔmewɔwɔwoa?

Ðe Wòle Be Míasubɔ Nɔnɔmewɔwɔwoa?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Ao. Numekugbalẽ aɖe gblɔ tso se siwo Mawu de na Israel-dukɔa ŋu ale: “Biblia me nya vovovowo ɖo kpe edzi be womezã nɔnɔmewɔwɔwo le Mawu subɔsubɔ vavãtɔ me o.” (New Catholic Encyclopedia) Bu mawunyakpukpui siawo ŋu kpɔ:

  •   “Mègawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò o. Mègawɔ nu siwo le dziƒo, alo nu siwo le anyigba dzi, alo nu siwo le tsi me le anyigba te la, ƒe nɔnɔme o. Mègade ta agu na wo o, eye mègasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye.” (2 Mose 20:4, 5) Esi wònye “Mawu ʋãŋu” ye Mawu nye ta la, mekpɔa ŋudzedze ɖe nɔnɔmetatawo, kpetatawo, nɔnɔmewɔwɔwo, legbawo, dzesiwo kafukafu kple wo subɔsubɔ ŋu o.

  •   “Nyematsɔ nye bubu na ame tutɔ kple nye kafukafu na legbawo o.” (Yesaya 42:8) Mawu meda asi ɖe esubɔsubɔ to legbawo dzi dzi o. Esi Israel-vi aɖewo di be yewoasubɔ Mawu to sikanyivi aɖe dzi la, egblɔ be wowɔ “nu gbegblẽ.”​—2 Mose 32:7-9.

  •   “Mele be míasusu be mawunyenye la le abe sika alo klosalo alo kpe ene o, eye mele abe nane si ƒe nɔnɔme wokpa to amegbetɔ ƒe aɖaŋu kple tamesusu dzi la ene o.” (Dɔwɔwɔwo 17:29) To vovo na trɔ̃subɔla siwo zãa nu siwo “ƒe nɔnɔme wokpa to amegbetɔ ƒe aɖaŋu kple tamesusu dzi” le woƒe subɔsubɔ me la, Kristotɔwo ya zɔna “le xɔse me, ke menye le nukpɔkpɔ me o” abe ale si Biblia gblɔe ene.​—2 Korintotɔwo 5:7.

  •   “Mikpɔ mia ɖokui dzi le trɔ̃wo ŋu.” (1 Yohanes 5:21) Mawu ɖee fia enuenu le se siwo wòde na Israel-dukɔa kple Kristotɔwo siaa le Biblia me la me be alakpae nu si wofiaa amewo be Mawu daa asi ɖe nɔnɔmewɔwɔwo kple dzesiwo zazã atsɔ asubɔe dzi la nye.