Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Ka Tae Amewo Kuna?

Nu Ka Tae Amewo Kuna?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Esɔ le dzɔdzɔme nu be míadi be míanya nu si tae amewo kuna, vevietɔ ne míaƒe ame vevi aɖe ku. Biblia gblɔ be: “Veve si hea ku vanɛ lae nye nu vɔ̃.”—1 Korintotɔwo 15:56.

Nu ka tae amewo katã wɔa nu vɔ̃ hekuna?

 Amegbetɔ gbãtɔ siwo nye Adam kple Xawa ku elabe wowɔ nu vɔ̃ ɖe Mawu ŋu. (1 Mose 3:17-19) Ku koe woƒe aglãdzedze ɖe Mawu ŋu ate ŋu ahe vɛ na wo, elabe Mawu gbɔe “agbedzɔƒe le.”—Psalmo 36:10; 1 Mose 2:17.

 Adam ƒe dzidzimeviwo katã nyi nu vɔ̃ ƒe dome tso egbɔ. Biblia gblɔ be: “To ame ɖeka dzi nu vɔ̃ ge ɖe xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, eye ale ku la kaka ɖe amewo katã dome, esi wo katã wɔ nu vɔ̃ ŋuti.” (Romatɔwo 5:12) Amewo katã kuna elabe wo katã wowɔ nu vɔ̃.​—Romatɔwo 3:23.

Ale si woaɖe ku ɖa

 Mawu do ŋugbe be yeava mi “ku saɖagatsi tegbee.” (Yesaya 25:8) Hafi wòate ŋu aɖe ku ɖa la, ele be wòaɖe nu vɔ̃ si hea ku vanɛ la ɖa. Mawu awɔ esia to Yesu Kristo ame si “le xexea ƒe nu vɔ̃ ɖem ɖa” la dzi.—Yohanes 1:29; 1 Yohanes 1:7.