Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kae Nye Ðeɖekpɔkpɔ?

Nu Kae Nye Ðeɖekpɔkpɔ?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Biblia-ŋlɔlawo zã nya siwo nye “ɖe,” “ɖeɖekpɔkpɔ,” “xɔxɔ” kple “xɔname” ɣeaɖewoɣi wòfiaa ale si woaɖe ame aɖe tso afɔku alo tsɔtsrɔ̃ me. (2 Mose 14:13, 14; Dɔwɔwɔwo 27:20) Gake zi geɖe la, nya siawo fiaa ameɖeɖe tso nu vɔ̃ si me. (Mateo 1:21) Esi wònye nu vɔ̃ gbɔe ku tso ta la, agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le ame siwo woɖe tso nu vɔ̃ me la si.​—Yohanes 3:16, 17. a

Aleke nàwɔ akpɔ ɖeɖe?

 Ne èdi be yeakpɔ ɖeɖe la, ele be nàxɔ Yesu dzi se eye nàɖe xɔse sia fia to eƒe sewo dzi wɔwɔ me.​—Dɔwɔwɔwo 4:10, 12; Romatɔwo 10:9, 10; Hebritɔwo 5:9.

 Biblia ɖee fia be ele be nàwɔ dɔ alo nàɖe afɔ siwo ɖee fia be nènye toɖola atsɔ aɖee fia be wò xɔse le agbe. (Yakobo 2:24, 26) Ke hã esia mefia be àte ŋu akpɔ xɔxɔ to wò agbagbadzedzewo me o. “Mawu ƒe nunanae” wònye to eƒe “amenuveve” me.—Efesotɔwo 2:8, 9.

Ðe ɖeɖekpɔkpɔ ate ŋu age le asiwòa?

 Ɛ̃. Abe ale si ame si tsi lé eye woɖee ate ŋu agadze tsia me alo adzo dze eme ene la, ne woɖe ame aɖe tso nu vɔ̃ me gake meyi edzi lé xɔse la me ɖe asi o la, ɖeɖekpɔkpɔ sia ata ŋu age le esi. Esia tae Biblia xlɔ̃ nu Kristotɔ siwo woɖe la be ‘woaʋli sesĩe hena xɔse’ la. (Yuda 3) Egaxlɔ̃ ame siwo woɖe la be: “Miyi edzi miatsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya anɔ miaƒe ɖeɖekpɔkpɔ ŋuti dɔ la wɔm.”—Filipitɔwo 2:12.

Ame kae nye Xɔla alo Ðela la, Mawue loo alo Yesu yea?

 Biblia gblɔ be Mawu koŋ gbɔe ɖeɖekpɔkpɔ tsona, eye wòyɔe zi geɖe be “xɔnametɔ” alo “Xɔla.” (1 Samuel 10:19; Yesaya 43:11; Tito 2:10; Yuda 25) Gakpe ɖe eŋu la, Mawu to ŋutsu geɖewo dzi ɖe blema Israel-dukɔa, eye woyɔ woawo hã le Biblia me be “xɔnametɔwo.” (Nehemiya 9:27; Ʋɔnudrɔ̃lawo 3:9, 15; 2 Fiawo 13:5) b Nenema ke esi wònye be Yesu Kristo ƒe tafevɔsa dzie Mawu ato aɖe amegbetɔƒomea ta la, woyɔ Yesu le Biblia me be “Ðela.”—Dɔwɔwɔwo 5:31; Tito 1:4. c

Ame sia amee akpɔ ɖeɖea?

 Ao, ame aɖewo ya makpɔ ɖeɖe o. (2 Tesalonikatɔwo 1:9) Esi wobia Yesu be, “Ame ʋɛ aɖewo koe akpɔ ɖeɖea?” la, eɖo eŋu na wo be: “Miʋli sesĩe be miato agbo xaxɛ la nu age ɖe eme, elabena mele egblɔm na mi be: Ame geɖewo adi be yewoage ɖe eme, ke womate ŋui o.”—Luka 13:23, 24.

Susu totro siwo le amewo si be woaɖe amegbetɔwo katã

 Susu totro: Nya si 1 Korintotɔwo 15:22 gblɔ be “woagbɔ agbe wo katã hã le Kristo me” la fia be woaɖe amegbetɔwo katã.

 Nyateƒea: Tsitretsitsi ŋue wonɔ nu ƒom tsoe hafi gblɔ nya sia. (1 Korintotɔwo 15:12, 13, 20, 21, 35) Eya ta nu si ko nya si wogblɔ be “woagbɔ agbe wo katã hã le Kristo me” fia lae nye be ame siwo katã woagbe agbe la axɔ yayra sia to Yesu Kristo dzi.​—Yohanes 11:25.

 Susu totro: Nya si Tito 2:​11 gblɔ be Mawu tsɔ “xɔxɔ vɛ na amewo katã” la fia be woaɖe amegbetɔwo katã.​—Eʋegbe Biblia.

 Nyateƒea: Helagbe me nya si gɔme woɖe be “amewo katã” agate ŋu afia “amewo katã ƒomevi.” d Eya ta Tito 2:​11 ƒe gɔmesese nyuitɔe nye be Mawu ʋu ɖeɖekpɔkpɔ ƒe mɔ ɖi na amewo katã ƒomevi, eye esia lɔ ame siwo tso “dukɔ sia dukɔ, to sia to . . . kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me” hã ɖe eme.​—Nyaɖeɖefia 7:​9, 10.

 Susu totro: Nya si 2 Petro 3:9 gblɔ be Mawu “medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o” la fia be woaɖe amegbetɔwo katã.

 Nyateƒea: Mawu di be amewo nakpɔ ɖeɖe, gake mezinɛ ɖe amewo dzi be woakpɔ ɖeɖe o. Nu siwo ayi edzi le eƒe ‘ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe ŋkeke la’ dzi dometɔ ɖekae nye be woatsrɔ̃ “ame mavɔ̃mawuwo.”​—2 Petro 3:7.

a Biblia gblɔna be ‘woɖe’ ame aɖe togbɔ be eƒe ɖeɖekpɔkpɔ tso nu vɔ̃ kple ku si me ŋutɔŋutɔ le ŋgɔ gbɔna le etsɔme gɔ̃ hã.​—Efesotɔwo 2:5; Romatɔwo 13:11.

b Woɖe nya si gɔme woɖe be “xɔnametɔ” alo “xɔla” siwo dze le mawunyakpukpui siwo woyɔ le afi sia me la gɔme le Biblia aɖewo me be “ametakpɔla,” “ɖela,” “kalẽtɔ,” “kplɔla,” alo “ame aɖe” gɔ̃ hã. Ke hã le Biblia gbãtɔ si woŋlɔ ɖe Hebrigbe me me la, wozã nya siawo siwo wozã na amegbetɔ siwo nye xɔnametɔwo la ke na Yehowa Mawu ne wole nu ƒom tso eŋu abe Xɔla ene.​—Psalmo 7:​10.

c Woɖe ŋkɔ Yesu tso Hebrigbe me ŋkɔ Yehoh·suʹaʽ me, eye ŋkɔ sia gɔmee nye “Yehowae Nye Xɔname.”

d Kpɔ agbalẽ si nye Vine’s Complete Expository Dictionary of Old and New Testament Words. Helagbe me nya ma ke dze le Mateo 5:​11, afi si Yesu gblɔ le be amewo agblɔ nya vɔ̃ “ƒomeviwo katã” ɖe ye yomedzelawo ŋu.​—Eʋegbe Biblia.