Dzo kpo yi emenuwo dzi

Aleke Yesu Ƒe Vɔsa Nye “Tafe Na Ame Geɖewo”?

Aleke Yesu Ƒe Vɔsa Nye “Tafe Na Ame Geɖewo”?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Yesu dzie Mawu ato aɖe amegbetɔƒomea alo axɔ nɛ tso nu vɔ̃ kple ku si me. Biblia gblɔ tso Yesu ƒe ʋu si wokɔ ɖi la ŋu be enye mía tafe. (Efesotɔwo 1:7; 1 Petro 1:18, 19) Eya tae Yesu gblɔ be yeva be “yeatsɔ yeƒe agbe ana wòanye tafe na ame geɖewo.”—Mateo 20:28.

Nu ka tae wòhiã be woana “tafe na ame geɖewo”?

 Wowɔ amegbetɔ gbãtɔ Adam wònye ame deblibo eye nu vɔ̃ aɖeke menɔ eŋu o. Mɔnukpɔkpɔ nɔ esi be wòanɔ agbe tegbee, gake ebu mɔnukpɔkpɔ sia esi wòda Mawu ƒe se dzi. (1 Mose 3:17-19) Esi wòdzi viwo la, viawo nyi nu vɔ̃ ƒe dome tso egbɔ. (Romatɔwo 5:12) Susu sia tae Biblia gblɔ be Adam ‘dzra’ eya ŋutɔ kple viawo wozu kluviwo na nu vɔ̃ kple ku. (Romatɔwo 7:14) Esi wònye be Adam ƒe viwo katã nye ame madeblibowo ta la, wo dometɔ aɖeke mate ŋu agbugbɔ nu si Adam bu la aƒle o.​—Psalmo 49:​7, 8.

 Mawu ƒe dɔme trɔ ɖe Adam ƒe dzidzimeviwo ŋu le mɔkpɔkpɔmanɔamesi ƒe nɔnɔme si me wole la me. (Yohanes 3:16) Gake Mawu ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ wɔe be Mawu mate ŋu aŋe aɖaba aƒu nu gbegblẽ wɔwɔa dzi alo atsɔe ake ne susu aɖeke meli o. (Psalmo 89:14; Romatɔwo 3:23-26) Mawu lɔ̃ amegbetɔwo, eya ta ena nane si dzi wòanɔ te ɖo le se nu atsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo ahaɖe nu vɔ̃ ɖa keŋkeŋ. (Romatɔwo 5:6-8) Tafe lae nye nu si wòna le se nu.

Aleke tafea wɔa dɔe?

 Le Biblia me la, nya “tafe” lɔ nu etɔ̃ siawo ɖe eme:

  1.   Enye fexexe.​—4 Mose 3:46, 47.

  2.   Enana woɖea amewo alo ɖea asi le wo ŋu.​—2 Mose 21:30.

  3.   Esɔna kple nu si ta wole fea xem ɖo la ƒe home. a

 Kpɔ ale si nu siawo dze le Yesu Kristo ƒe tafevɔsaa me ɖa.

  1.   Fexexe. Biblia gblɔ be “ho gã aɖee wotsɔ ƒle” Kristotɔwo. (1 Korintotɔwo 6:20; 7:23) Ho gã mae nye Yesu ƒe ʋu si wotsɔ “ƒle amewo tso to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple ame ƒomevi ɖe sia ɖe kple dukɔ sia dukɔ me na Mawu.”—Nyaɖeɖefia 5:8, 9.

  2.   Ðeɖe. Yesu ƒe tafe la dzie “woto ɖe mí” tso nu vɔ̃ si me.—1 Korintotɔwo 1:30; Kolosetɔwo 1:14; Hebritɔwo 9:15.

  3.   Esɔna kple nua ƒe home. Yesu ƒe vɔsaa ƒe kpekpeme sɔ pɛpɛpɛ kple nu si Adam bu, si nye amegbetɔ ƒe agbe deblibo. (1 Korintotɔwo 15:21, 22, 45, 46) Biblia gblɔ be: “Ale si ko ame ɖeka [Adam] ƒe tomaɖomaɖo na ame geɖewo zu nu vɔ̃ wɔlawoe la, nenema kee to ame ɖeka [Yesu Kristo] ƒe toɖoɖo me hã woana ame geɖewo nazu ame dzɔdzɔewo.” (Romatɔwo 5:19) Esia na ale si ame ɖeka ƒe ku ate ŋu axe fe ɖe nu vɔ̃ wɔla gbogbo aɖewo ta la me kɔ keŋ. Le nyateƒe me la, Yesu ƒe vɔsa nye “tafe si sɔ ɖe enu ɖe amewo katã ta,” efia ame siwo katã aɖe afɔ siwo hiã ale be wòaɖe vi na wo la ta.​—1 Timoteo 2:​5, 6.

a Le Biblia me la, Hebrigbe kple Helagbe me nya si gɔme woɖe be “tafe” lɔ nane ƒe home, eƒe asixɔxɔ alo home si woxe ɖe eta ɖe eme. Le kpɔɖeŋu me, Hebrigbe me nya ka·pharʹ fia be ‘woatsyɔ nu nu dzi.’ (Genesis 6:​14) Efiaa nutsyɔtsyɔ nu vɔ̃ dzi ɣesiaɣi. (Psalmo 65:3) Nya bubu si do ƒome kple nya siae nye koʹpher eye eya hã fia home si woxe ɖe nua ta alo home si woxe tsɔ ɖe nua. (2 Mose 21:30) Nenema kee woɖea Helagbe me nya lyʹtron gɔme ɣesiaɣi be “tafe” alo “ɖeɖekpɔkpɔ.” (Matthew 20:28; Agbenya La) Helatɔ agbalẽŋlɔlawo zãa nya sia wòfiaa home si wona tsɔ gbugbɔ xɔ ame si wolé le aʋa alo home si wona be woaɖe asi le kluvi aɖe ŋu.