Dzo kpo yi emenuwo dzi

Aleke Mawɔ Ake Ðe Subɔsubɔha Vavã Ŋu?

Aleke Mawɔ Ake Ðe Subɔsubɔha Vavã Ŋu?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Esi Biblia nɔ kpɔɖeŋu wɔm ku ɖe ale si míawɔ ade vovototo subɔsubɔha vavã kple alakpasubɔsubɔhawo dome la, egblɔ be: “Woƒe kutsetsewoe miatsɔ adze si woe. Womegbea waintsetsewo le aŋɔkawo dzi alo gbowo le srẽwo dzi gbeɖe o ɖe?” (Mateo 7:16) Abe ale si ko nàte ŋu ade vovototo waintiwo kple aŋɔkawo dome ene la, nenema kee àte ŋu ade vovototo subɔsubɔ vavã kple alakpasubɔsubɔhawo dome to woƒe kutsetsewo alo nɔnɔme siwo woɖena fiana la dzi.

  1.   Subɔsubɔha vavã fiaa nyateƒe si wotu ɖe Biblia dzi, ke menye amegbetɔwo ƒe xexemenunya o. (Yohanes 4:24; 17:17) Esia lɔ nyateƒe siwo ku ɖe luʋɔ kple agbe mavɔ nɔnɔ le paradiso me le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔa hã ɖe eme. (Psalmo 37:29; Yesaya 35:5, 6; Ezekiel 18:4) Subɔsubɔha vavã kloa nu le subɔsubɔhawo ƒe alakpanufiafiawo dzi dzinɔameƒotɔe.—Mateo 15:9; 23:27, 28.

  2.   Subɔsubɔha vavã kpena ɖe amewo ŋu wodzea si Mawu, eye wòfiaa Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa hã wo. (Psalmo 83:18; Yesaya 42:8; Yohanes 17:3, 6) Mefiaa amewo be Mawu nye amlimame masegɔmena aɖe si ɖe eɖokui ɖe aga tso amegbetɔwo gbɔ o, ke boŋ efiaa amewo be Mawu di be míanɔ ƒomedodo me kpli ye.—Yakobo 4:8.

  3.   Subɔsubɔha vavã fiaa amewo be Yesu Kristo dzie Mawu ato ana ɖeɖe mí. (Dɔwɔwɔwo 4:10, 12) Eƒe hameviwo wɔna ɖe Yesu ƒe sededewo dzi eye wodzea agbagba be yewoasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu.—Yohanes 13:15; 15:14.

  4.   Subɔsubɔha vavã fiaa amewo be Mawu Fiaɖuƒea koe nye amegbetɔƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia. Eƒe hameviwo ƒoa nu tso Fiaɖuƒe ma ŋu na amewo veviedodotɔe.—Mateo 10:7; 24:14.

  5.   Subɔsubɔha vavã kpena ɖe amewo ŋu be woalɔ̃ wo haviwo tso dzi me faa. (Yohanes 13:35) Efiaa amewo be woade bubu ame sia ame ŋu eɖanye gbe ka kee wodona o, eye woaxɔ ame ƒomeviwo katã metsɔ le woƒe dekɔnu, ŋutigbalẽ, afi si wonyi wo le alo woƒe hehexɔxɔ me o. (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Esi eƒe hameviwo lɔ̃ wo haviwo ta la, womekpɔa gome le aʋawɔwɔ me o.—Mika 4:3; 1 Yohanes 3:11, 12.

  6.   Womexea fe na subɔsubɔha vavã me tɔwo ƒe ŋgɔxɔlawo o, eye womedaa bubuŋkɔ gãgãwo hã ɖe wo dzi o.—Mateo 23:8-12; 1 Petro 5:2, 3.

  7.   Subɔsubɔha vavã medea nu dunyahehe me kura o. (Yohanes 17:16; 18:36) Ke hã, eƒe hameviwo dea bubu dukɔ si me wole ƒe dziɖuɖu ŋu le ɖekawɔwɔ me kple se si Biblia de be: “Mitsɔ nu siwo nye Kaisaro [si fia dziɖuɖumegãwo] tɔ la na Kaisaro, ke nu siwo nye Mawu tɔ la, na Mawu.”—Marko 12:17; Romatɔwo 13:1, 2.

  8.   Subɔsubɔha vavã kpɔa ŋusẽ nyui ɖe eƒe hameviwo ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa dzi, ke menye kɔnu dzro aɖe koe wònye o. Eƒe hameviwo wɔna ɖe agbe nyui nɔnɔ ƒe se kɔkɔ siwo le Biblia me dzi le woƒe agbemenuwɔna ɖe sia ɖe me. (Efesotɔwo 5:3-5; 1 Yohanes 3:18) Ke hã ema menana wonyea nublanuitɔwo o, ke boŋ wokpɔa dzidzɔ le woƒe “Mawu dzidzɔtɔ la” subɔsubɔ me.—1 Timoteo 1:11.

  9.   Subɔsubɔha vavã me tɔwo le ʋɛe ŋutɔ. (Mateo 7:13, 14) Womebua subɔsubɔha vavã me tɔwo ɖe naneke me o, woɖua fewu le wo ŋu, eye wotia wo yome le esi wowɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ta.—Mateo 5:10-12.

Menye gbɔgblɔ be subɔsubɔha siae ‘dzɔ dzi nam’ ye nye nya o

 Enye afɔku gã aɖe be ame nanɔ te ɖe eƒe seselelãmewo ko dzi atia subɔsubɔha si me wòanɔ. Biblia gblɔe ɖi be ɣeyiɣi le vava ge esime amewo aƒo “nufialawo [mawunyafialawo] nu ƒu na wo ɖokuiwo.” (2 Timoteo 4:3) Gake Biblia de dzi ƒo na mí be míanɔ “subɔsubɔ si le dzadzɛ, si ŋu ɖiƒoƒo mele o, le mía Mawu si nye mía Fofo ŋkume” la me, nenye be ame akpa gãtɔ mekpɔa ŋudzedze ɖe eŋu o hã.—Yakobo 1:27; Yohanes 15:18, 19.