Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kae Nye Yerusalem Yeyea?

Nu Kae Nye Yerusalem Yeyea?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Nya “Yerusalem Yeye,” dze zi eve le Biblia me, eye enye kpɔɖeŋudu si le tsitre ɖi na Yesu yomedzelawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si aɖu fia kplii le dziƒo le Mawu Fiaɖuƒea me. (Nyaɖeɖefia 3:12; 21:2) Biblia ɖee fia be woagate ŋu ayɔ ƒuƒoƒo sia be Kristo ƒe ŋugbetɔ la.

Nu siwo akpe ɖe ŋuwò nànya nu si Yerusalem Yeyea nye

  1.   Dziƒoe Yerusalem yeyea le. Ɣesiaɣi si Biblia ƒo nu tso Yerusalem Yeyea ŋu la, egblɔna be ele ɖiɖim tso dziƒo, afi si mawudɔlawo le dua ƒe agbowo nu dzɔm le. (Nyaɖeɖefia 3:12; 21:2, 10, 12) Azɔ hã, ale si gbegbe dua loloe la na eme kɔ be menye anyigba dzie wòle o. Ele dzogoe ene me, eye eƒe didime kple kekeme siaa le “stadio akpe wuieve.” a (Nyaɖeɖefia 21:16) Esia fia be eƒe kɔkɔme anye kilometa 560 kloe, eye aɖo keke yamenutowo me ʋĩi ke.

  2.   Yesu yomedzelawo ƒe ƒuƒoƒo si wogayɔna be Kristo ƒe ŋugbetɔ lae nye Yerusalem Yeyea. Woyɔ Yerusalem Yeyea be “ŋugbetɔ la, ame si nye Alẽvi la srɔ̃.” (Nyaɖeɖefia 21:9, 10) Le mawunyakpukpui ma me la, Alẽvi la le tsitre ɖi na Yesu Kristo. (Yohanes 1:29; Nyaɖeɖefia 5:12) “Alẽvi la srɔ̃,” si nye Kristo ƒe ŋugbetɔ la le tsitre ɖi na Kristotɔ siwo awɔ ɖeka kple Yesu le dziƒo. Biblia tsɔ ƒomedodo sia si le Yesu kple Kristotɔ siawo dome la sɔ kple ƒomedodo si le srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu dome. (2 Korintotɔwo 11:2; Efesotɔwo 5:23-25) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woŋlɔ “Alẽvi la ƒe apostolo wuieveawo ƒe ŋkɔ wuieveawo” ɖe Yerusalem Yeyea ƒe gɔmeɖokpewo dzi. (Nyaɖeɖefia 21:14) Nya sia kpe ɖe mía ŋu míenya nu si Yerusalem Yeyea nye, elabena wotu Kristotɔ siwo ayi dziƒo la ɖe “apostoloawo kple nyagblɔɖilawo ƒe gɔmeɖoanyi dzi.”—Efesotɔwo 2:20.

  3.   Yerusalem Yeyea nye dziɖuɖu aɖe ƒe akpa aɖe. Blema Yerusalem ye nye Israel ƒe fiadu, afi si Fia David, via Salomo kple woƒe dzidzimeviwo nɔ “Yehowa ƒe fiazikpui dzi” heɖu fia le. (1 Kronika 29:23) Eya ta, Yerusalem, si woyɔ be “du kɔkɔe” la, nɔ tsitre ɖi na Mawu ƒe dziɖuɖu to David ƒe fiaƒomea dzi. (Nehemiya 11:1) Woyɔ Yerusalem Yeyea, hã be “du kɔkɔe,” eye du sia me tɔwoe nye ame siwo akpe ɖe Yesu ŋu le dziƒo woaɖu “fia ɖe anyigba la dzi.”—Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 21:2.

  4.   Yerusalem Yeyea ahe yayrawo vɛ na anyigbadzitɔwo. Wogblɔ tso Yerusalem Yeyea ŋu be ele “ɖiɖim tso dziƒo gbɔna tso Mawu gbɔ,” si fia be Mawu zãnɛ tsɔ kpɔa anyigbadzinyawo gbɔe. (Nyaɖeɖefia 21:2) Nyagbe ma ɖee fia be Yerusalem Yeyea do ƒome kple Mawu Fiaɖuƒea, elabena Mawu zãa Fiaɖuƒe ma tsɔ nana eƒe lɔlɔ̃nu vaa eme “le anyigba dzi abe ale si wòle le dziƒo ene.” (Mateo 6:10) Yayra siwo Mawu ɖo be yeahe vɛ na anyigbadzitɔwo la dometɔ aɖewoe nye esiawo:

    •   Aɖe nu vɔ̃ ɖa. “Agbetsitɔsisi” aɖe sina tso Yerusalem Yeyea ɖadea tsi ‘agbeti’ siwo “nye dɔyɔgbe na dukɔwo.” (Nyaɖeɖefia 22:1, 2) Ŋutilãmedɔyɔyɔ kple gbɔgbɔmedɔyɔyɔ sia aɖe nu vɔ̃ ɖa eye wòana amewo nanɔ agbe si de blibo, abe ale si Mawu ɖoe tso gɔmedzedzea me ene.—Romatɔwo 8:21.

    •   Ƒomedodo nyui anɔ Mawu kple amegbetɔwo dome. Nu vɔ̃ gblẽ ƒomedodo si le Mawu kple amegbetɔwo dome. (Yesaya 59:2) Ne Mawu ɖe nu vɔ̃ ɖa la, nyagblɔɖi sia ava eme bliboe: “Mawu ƒe agbadɔ la le amegbetɔwo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woanye eƒe dukɔ. Eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo.”—Nyaɖeɖefia 21:3.

    •   Fukpekpe kple ku nu ayi. Mawu ato eƒe Fiaɖuƒea dzi “atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o.”—Nyaɖeɖefia 21:4.

a Stadio nye Romatɔwo ƒe dzidzenu si ƒe didime nye meta 185.