Dzo kpo yi emenuwo dzi

ÐE WOWƆEA?

Tagbatsu Ƒomevi Aɖe Ƒe Dzodzoŋutete Wɔnuku La

Tagbatsu Ƒomevi Aɖe Ƒe Dzodzoŋutete Wɔnuku La

Ame sia ame si te kpɔ be yeawu nudzodzoe aɖe la nya be esia menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Esi nudzodzoewo dzona kaba ŋutɔ ta la, zi geɖe la, agbagba si amewo dzena be yewoalé wo la medzea edzi o.

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va kpɔe be tagbatsu ƒomevi aɖe li si tea ŋu dzona atsyãtɔe abe aʋawɔyameʋu ene, gake le aɖabaƒoƒo kpui aɖe ŋutɔ ko me. Numekulagã Michael Dickinson gblɔ be, ne nudzodzoe sia ƒe vi do le azia me teti la, “etea ŋu dzona nukutɔe. Ðeko wòle abe ale si ko woada vidzĩ ɖe aʋawɔyameʋu deŋgɔ me ko wòanya ale si wòaku yameʋua ene.”

Numekulawo ɖe video nudzodzoe siawo eye wokpɔe be wotea ŋu ƒoa aʋala zi 200 sɔŋ le sekɛnd ɖeka pɛ ko me. Gake ne woƒo aʋala zi ɖeka pɛ ko la, wotea ŋu trɔa mɔ na woƒe dzodzo ale be woasi le afɔku nu.

Ke ɣeyiɣi didi kae wòxɔna hafi wosina le afɔku nu? Numekulawo de dzesii be ale si wotea ŋu sina le afɔku nu la ƒe tsɔtsɔme wu ale si amegbetɔ ƒoa aɖabae la teƒe 50. Aƒetɔ Dickinson gblɔ be: “Nudzodzoea bua akɔnta deŋgɔ aɖe kaba ŋutɔ, eye le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me la, etea ŋu dea dzesi afi si afɔkua le eye wònyana afi si wòle be wòadzo ayi ale be wòanɔ dedie.

Ale si tututu nudzodzoe sia ƒe ahɔhɔ̃ nyaŋuia tea ŋu wɔa esiae la gɔmesese nye taɖui na numekulawo.

Tagbatsu ƒomevi sia trɔa mɔ na eƒe dzodzo le aɖabaƒoƒo kpui aɖe ŋutɔ ko me tsɔ sina le afɔku nu

Nu kae nèsusu? Ðe tagbatsu ƒomevi sia ƒe dzodzoŋutete wɔnuku la dzɔ le eɖokui sia? Alo ɖe wowɔea?