Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Nu Kae Mawɔ Ne Wowɔa Anyra Le Ŋunye?

Nu Kae Mawɔ Ne Wowɔa Anyra Le Ŋunye?

Anyrawɔwɔ le ame ŋu menye fefenya kura o. Eŋlisiawo ƒe numekuku aɖe ɖee fia be sɔhɛ siwo wu wo ɖokuiwo siwo ŋu woƒo nu tsoe le nyadzɔdzɔwo me la dometɔ 40 le alafa me tso anyrawɔwɔ le ame ŋu gbɔ.

 Nu kae nye anyrawɔwɔ le ame ŋu?

Anyrawɔwɔ le ame ŋu yi ŋgɔ wu nu vevi wɔwɔ ame ko. Nu siwo gbɔna hã le eme.

  • Nya veamewo gbɔgblɔ ɖe ame ŋu. Celine si xɔ ƒe 20 gblɔ be: “Nyɔnuviwo ƒe nyawo vena wu abi. Nyemaŋlɔ fewuɖuŋkɔ siwo woyɔ nam kple fewuɖunya siwo wogblɔ ɖe ŋunye la be gbeɖe o. Wona mese le ɖokuinye me be nyemele ɖeke me o, womelɔ̃ nye nya o, eye be nyemele bo aɖeke nu o. Ne ɖe woƒo nye ŋku dzi wòdo ʋusrã la anyo nam wu.

  • Ameɖeɖe le ha me. Haley si xɔ ƒe 18 gblɔ be: “Nye sukuhatiwo medina be mate ɖe yewo ŋu o. Wowɔna abe ɖe mɔ vɔ le míaƒe ŋdɔnuɖuxɔ me ene ale be nyemagava nɔ anyi ɖe yewo gbɔ o. Ƒe ɖeka sɔŋ, mefaa avi eye nye ɖeka koe ɖua nu.

  • Anyrawɔwɔ le ame ŋu to Internet dzi. Daniel si xɔ ƒe 14 gblɔ be: “Àte ŋu aŋlɔ nya ʋɛ aɖewo le kɔmpiuta dzi atsɔ agblẽ ame aɖe ƒe ŋkɔ alo eƒe agbe dome gɔ̃ hã. Adze amiɖeɖe ɖe nya, gake ate ŋu adzɔ!” Internet dzi anyrawɔwɔ ɖe ame ŋu lɔ foto ɖigbɔwo kple nya ƒaƒãwo ŋɔŋlɔ ɖo ɖe ame to asitelefon dzi.

 Nu ka tae amewo wɔa anyra le wo haviwo ŋu?

Zi geɖe la susu siwo gbɔna tae.

  • Wowɔa anyra ɖe woawo ŋutɔwo hã ŋu. Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Antonio gblɔ be: “Ale si hanyetiwo wɔa anyra ɖe ŋunye va glom eye etsɔtsɔ va wum ale gbegbe be nye hã mede asi anyrawɔwɔ ɖe amewo ŋu me be hanyetiwo nalɔ̃ nye nya gbɔ. Esi meva bu nye nuwɔna ma ŋu emegbe la, mekpɔe be bometsinue wònye mewɔ!

  • Womeɖoa kpɔɖeŋu nyui ɖi na wo be woasrɔ̃ o. Jay McGraw gblɔ le agbalẽ aɖe si wòŋlɔ (Life Strategies for Dealing With Bullies) me be: “Zi geɖe la sɔhɛ anyrawɔlawo wɔa nu ɖe amewo ŋu . . . abe ale si wokpɔa wo dzilawo, wo fowo, wo dawo kple woƒe ƒometɔ bubuwo wɔa nu ɖe ame ŋui ene.

  • Wodina be amewo nabu yewo kalẽtɔwoe, evɔ̃ wònye be vɔvɔ̃nɔtɔ wònye. Barbara Coloroso ŋlɔ le eƒe agbalẽ (The Bully, the Bullied, and the Bystander) me be: “Zi geɖe la, sɔhɛ anyrawɔlawo wɔa nu be woakpɔ be yewoe sesẽ wu ale be amewo naganya be nu te ɖe yewo dzi eye yewodo kpo nu o.

 Ame kawo ŋue wowɔa anyra le wu?

  • Ame siwo ɖe wo ɖokuiwo ɖe aga. Sɔhɛ siwo menya ale si woanɔ anyi kple ame bubuwo o la ɖea wo ɖokuiwo ɖe aga eye wozua nulelé na anyrawɔlawo bɔbɔe.

  • Sɔhɛ siwo wobuna be woto vovo. Anyrawɔlawo nɔa te ɖe nu sia nu dzi wɔa anyra le sɔhɛwo ŋu, eɖanye woƒe dzedzeme, woƒe ŋutigbalẽ, subɔsubɔha si me wole alo nue wɔ afi aɖe na wo gɔ̃ hã.

  • Sɔhɛ siwo mekana ɖe wo ɖokuiwo dzi o. Anyrawɔlawo tea ŋu dea dzesi sɔhɛ siwo meka ɖe wo ɖokuiwo dzi o. Woawo ŋue wolɔ̃a anyrawɔwɔ le bɔbɔe, elabe wonya be womake fĩ o.

 Nu kae nàte ŋu awɔ ne wowɔa anyra le ŋuwò?

  • Mègake nu de eme o. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Kylie gblɔ be: “Anyrawɔlawo dina be yewoakpɔe be yewona wò nu le nublanui wɔm na ɖokuiwò. Ne meke nu de eme na wo o la, woadzudzɔ.” Biblia gblɔ be: “Nunyala ɖua eɖokui dzi.”—Lododowo 29:11, Agbenya La.

  • Mègawɔ wɔɖenui o. Wɔɖenuiwɔwɔ makpɔ kuxia gbɔ o, ɖeko wòana wòado gã ɖe edzi. Biblia gblɔ be: “Migatsɔ vɔ̃ ɖo vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o.”—Romatɔwo 12:17; Lododowo 24:19.

  • Mègatsɔ ɖokuiwò de eme o. Ne anya wɔ la, ƒo asa na ame siwo ate ŋu awɔ anyra le ŋuwò kple nɔnɔme siwo me esia ate ŋu ado mo ɖa le keŋkeŋ.—Lododowo 22:3.

  • Ðo nya ŋu nɛ le mɔ si makpɔ mɔ na o nu. Biblia gblɔ be: “Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu.”—Lododowo 15:1.

  • Tsɔ eƒe nyawo nukonyae. Le kpɔɖeŋu me, ne amea gblɔ na wò be èlolo akpa la, àte ŋu akɔ abɔta dzi ko agblɔ be, “Ðe madi be maɖi ku vie hafi.

  • Dzo. Nora si xɔ ƒe 19 gblɔ be: “Ne èzi ɖoɖoea àɖee fia be yetsi le susu me eye yesesẽ wu anyrawɔlaa. Aɖee fia be èɖua ɖokuiwò dzi, si nye nu si anyrawɔlaa mete ŋu le wɔwɔm o.

  • Tu kakaɖedzinɔamesi ɖo. Nyɔnuvi si ŋkɔe nye Rita gblɔ be: “Ne mèvo le ɖokuiwò me o la, anyrawɔlawo akpɔe adze sii, eye woate ŋu azã esia atsɔ agblẽ kakaɖedzi ɖe sia ɖe si le mewò la dome.

  • Gblɔe na ame aɖe. Le numekuku aɖe nu la, ame siwo ŋu wowɔ anyra le le Internet dzi ƒe agbɔsɔsɔme si wu afã mekɔa nu le edzi o, ɖewohĩ ŋukpe (vevietɔ le ŋutsuviwo gome) alo vɔvɔ̃ be amea ava tu nu kpli ye tae. Gake ɖo ŋkui be ne mèkɔ nu le nyaa dzi o la, ɖeko anyrawɔwɔa gasẽna ɖe edzi. Egbɔgblɔ na ame aɖe ate ŋu anye afɔ gbãtɔ si wòhiã be nàɖe ado go le agba kpekpe ma te.