Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Viɖe Kae Makpɔ Tso Biblia Xexlẽ Me?—Akpa 2 Lia: Na Biblia Xexlẽ Navivi Nuwò

Viɖe Kae Makpɔ Tso Biblia Xexlẽ Me?—Akpa 2 Lia: Na Biblia Xexlẽ Navivi Nuwò

 Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Will, gblɔ be: “Ate ŋu adze abe Biblia xexlẽ mevivia ame nu o ene, vevietɔ ne mènya mɔ nyuitɔ si nu nàxlẽe le o.”

 Ðe nàdi be yeanya nu siwo nàte ŋu awɔ ale be Biblia xexlẽ navivi nuwòa? Nyati sia akpe ɖe ŋuwò.

 Wɔ nu siwo ana nàkpɔ Ŋɔŋlɔawo me nyawo le susu me nyuie

 Na nu si xlẽm nèle la nade dzi gbɔ na wò. Àte ŋu ate mɔnu siawo kpɔ:

  1.   Tia Biblia me ŋutinya aɖe si ŋu nàdi be yeasrɔ̃ nu tsoe. Ate ŋu anye nudzɔdzɔ aɖe si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me alo ŋutinya aɖe si dze le Nyanyuigbalẽawo me, alo àte ŋu atia Biblia xexlẽ ƒe drama siwo le jw.org la dometɔ ɖeka.

  2.   Xlẽ ŋutinyaa. Àte ŋu axlẽe le ɖokuiwò si loo, alo be wò kple xɔ̃wòwo alo wò ƒometɔwo miaxlẽe ɖekae. Ame ɖeka ate ŋu anɔ nya siwo ku ɖe nudzɔdzɔa ŋu la xlẽm eye ame mamlɛawo nanɔ ame bubu siwo ƒo nu le nudzɔdzɔa me la ƒe nyawo xlẽm.

  3.   Àte ŋu ate nu siwo gbɔna la dometɔ aɖewo kpɔ:

    •   Wɔ nudzɔdzɔ si xlẽm nèle la ŋuti nɔnɔmetatawo. Ta nu vovovowo nàtsɔ aɖe ɖoɖo si nu nuawo le dzɔdzɔm le ŋutinyaa me la fia. Ŋlɔ nu ɖe nutata ɖe sia ɖe te nàtsɔ aɖɔ nu si le edzi yim.

    •   Ne èxlẽ nu tso nuteƒewɔla aɖe ŋu la, ŋlɔ nɔnɔme nyui si wòɖe fia kple nu siwo wòwɔ la ɖi, eye nàŋlɔ yayra siwo wòkpɔ la hã kpe ɖe eŋu.

    •   Na ŋutinyaa nadze abe nyadzɔdzɔ aɖe ŋuti nyatakaka ene. Na ame vovovowo nagblɔ nudzɔdzɔa le mɔ vovovowo nu eye mia dometɔ aɖewo nawɔ ame siwo le nudzɔdzɔa me la ƒe wɔƒewo, eye ame bubuwo hã nawɔ eteƒekpɔlawo ƒe wɔƒewo eye miabia gbe wo.

    •   Ne ame siwo le nudzɔdzɔa me la dometɔ aɖe ɖe afɔ gbegblẽ aɖe la, bu nu si adzɔ ne ɖe wòwɔ nu si sɔ hafi la ŋu. Esia ƒe kpɔɖeŋue nye ale si Petro gbe nu le Yesu gbɔ. (Marko 14:66-72) Aleke Petro ate ŋu awɔ nu si sɔ le nɔnɔme ma me hafi?

    •   Ne edzro wò be nàte ŋutinyaŋɔŋlɔ hã kpɔ la, àte ŋu agbugbɔ aŋlɔ Biblia me ŋutinya aɖe wòanye drama. Na nu nyui siwo nèsrɔ̃ le ŋutinyaa me hã nadze le dramaa me.—Romatɔwo 15:4.

      Àte ŋu ana Biblia me nudzɔdzɔawo nadze na wò abe ɖe nèle wo teƒe kpɔm ene!

 Ku nu me!

 Ne ède ŋugble le nu si xlẽm nèle ŋu nyuie la, àte ŋu ake ɖe nufiame vevi siwo medze gaglãa o la ŋu. Le nyateƒe me la, àte ŋu afɔ nufiame vevi aɖe tso nyakui ɖeka alo eve aɖewo siwo dze le Biblia me ŋutinya aɖe me la me.

 Le kpɔɖeŋu me, tsɔ Mateo 28:7 sɔ kple Marko 16:7.

  •    Le Marko ƒe ŋutinyaa me la, nu ka tae megblɔ ko be eteƒe madidi o, Yesu aɖe eɖokui afia nusrɔ̃lawo ko evɔ o, ke boŋ egblɔ kpee be aɖe eɖokui afia nusrɔ̃lawo “kple Petro”?

  •  Kpekpeɖeŋu: Marko ŋutɔ mekpɔ nudzɔdzɔawo teƒe o; anɔ eme be Petro ye gblɔ nu siwo dzɔ la nɛ.

  •  Nufiame vevi si bè ɖe eme: Esi Petro se be Yesu gadi be yeakpɔ ye ake la, nu ka tae esia anya de dzi ƒo nɛ ŋutɔ? (Marko 14:66-72) Aleke Yesu ɖee fia be yenye xɔlɔ̃ vavã na Petro? Aleke nàte ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu ahanye xɔlɔ̃ vavã na ame bubuwo?

 Ne èxlẽ Ŋɔŋlɔawo le mɔ si ana nàkpɔ nudzɔdzɔawo nyuie le susu me nu eye nèku nu me tso nu si xlẽm nèle ŋu la, àse vivi na Biblia xexlẽ geɖe wu!