Dzo kpo yi emenuwo dzi

BIBLIA LE AMEWO ƑE AGBENƆNƆ TRƆM

“Ŋu Megakpeam Le Nu Siwo Me Meto Ta O”

“Ŋu Megakpeam Le Nu Siwo Me Meto Ta O”
  • Ƒe Si Me Wodzii: 1963

  • Dukɔ Si Me Wòtso: Mexico

  • Ame Si Wònye Tsã: Enye ablɔdzivi; esena le eɖokui me be yemele ɖeke me o

NYE ŊUTINYA

 Wodzim le Ciudad Obregón le Mexico ƒe dziehe; mí ame asieke ye wodzi eye nyee nye vi atɔ̃lia. Míenɔ teƒe aɖe si te ɖe aga vie le dua ŋu, eye fofonye dea agble sue aɖe le afi ma henyia lãwo. Míaƒe dzi dze eme le afi ma, eye dzidzɔ kple ɖekawɔwɔ nɔ míaƒe ƒomea me. Gake nublanuitɔe la, esi mexɔ ƒe atɔ̃ pɛ ko la, ahom sesẽ aɖe gblẽ míaƒe agblea eye wòva hiã be míaʋu ayi du bubu me.

 Ganyawo va nɔ fofonye dzi dem. Gake le ɣeyiɣi ma ke me la, eva zu ahanoxe hã. Esia gblẽ nu le eƒe srɔ̃ɖeɖe kple mí ɖeviawo siaa ŋu. Nye kple fonyewo míeva nɔ sigaret siwo míenɔ fifim tso fofonye gbɔ la nom. Memu aha zi gbãtɔ esi mexɔ ƒe ade pɛ ko. Ema megbe kpuie la, dzinyelawo dome klã eye nye nuwɔna gbegblẽ mawo va do fievo.

 Nɔnye va tsi ŋutsu bubu gbɔ, eye wòkplɔ mí ɖeviawo ɖe asi. Ŋutsua mekpɔa nɔnye dzi o, eye ga sue si nɔnye wɔa dɔ kpɔna la hã medena na mí o. Nye kple nɔvinyewo míewɔ dɔ ɖe sia ɖe si míate ŋui, gake bebli hafi míetea ŋu kpɔa míaƒe nuhiahiã veviwo gbɔ. Metutu afɔkpawo ŋu na amewo, medzra yevubolo, nyadzɔdzɔgbalẽwo, aŋekpetike kple nu bubuwo. Menɔa tsatsam le dua me henɔa nuɖuɖu dim le kesinɔtɔwo ƒe gbeɖuɖɔgowo me.

 Esi mexɔ ƒe ewo la, ŋutsu aɖe kpem be mava wɔ dɔ kpli ye le dua ƒe aɖukpo dzi. Melɔ̃ ɖe edzi, eye medzudzɔ sukudede heʋu le aƒe me. Fe si wòxena nam gbe sia gbe la mede dɔlar ɖeka o eye nuɖuɖu siwo wòfɔ tso aɖukpoa dzi lae wònanam be maɖu. Mefɔ aɖukpodzinuwo tsɔ wɔ agbadɔ vi aɖe eye teƒe mae va zu nye mlɔƒe. Ame siwo dome menɔ la gblɔa nya ƒaƒãwo eye wonye agbe gbegblẽ nɔlawo. Wo dometɔ geɖe nye atike muame nolawo kple ahanoxewo. Esiae nye ɣeyiɣi si me nɔnɔmeawo sesẽ nam wu le agbe me, mefaa avi zã sia zã eye menɔa vɔvɔ̃m. Esi menɔ aya ɖum eye nyemede suku yi ŋgɔ kura o ta la, ŋu kpeam ŋutɔ. Menɔ aɖukpoa dzi abe ƒe etɔ̃ ene hafi va ʋu yi Mexico ƒe nuto bubu me. Le afi ma la, mewɔ dɔ le seƒoƒogblewo, ɖetifugblewo, foŋfoŋgblewo kple yevutegblewo dzi.

Menɔ aɖukpo aɖe si le abe esia ene dzi ƒe etɔ̃

 Le ƒe ene megbe la, metrɔ yi Ciudad Obregón. Tasinye aɖe si nye amegãsi na xɔm ɖe eƒe me. Meva te drɔ̃e baɖabaɖawo kuku, eye menɔ vɔvɔ̃m ale gbegbe be medi be mawu ɖokuinye. Gbe ɖeka le zã me la, medo gbe ɖa na Mawu gblɔ be: “Aƒetɔ, ne èli ŋutɔŋutɔ la, ke medi be manya wò, eye masubɔ wò tegbee. Ne subɔsubɔha vavã aɖe li la, medi be manyae.”

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ

 Tso ɣeaɖeɣi ke la, medina be manya nu tso Mawu ŋu. Le nye ɖevime gɔ̃ hã la, mede tsɔtsi vovovowo, gake wo dometɔ aɖeke medze ŋunye o. Wo katã womefia nu boo aɖeke tso Biblia me o eye womete ŋu kpe ɖe ŋunye be manya Mawu o. Ga ŋu koe wo dometɔ aɖewo tsi dzi ɖo, eye le bubuwo gome la, hameviawo ƒoa wo ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ me.

 Esi mexɔ 19 la, nɔvinyenyɔnuawo dometɔ ɖeka srɔ̃ gblɔ nam be Yehowa Ðasefowo fia ye nu si Biblia gblɔ tso nɔnɔmewɔwɔwo zazã le mawusubɔsubɔ me ŋu. Exlẽ 2 Mose 20:4, 5 nam. Afi ma gblɔ be míagawɔ legbawo alo nu bubu aɖeke ƒe nɔnɔme o. Kpukpui 5 lia gblɔ be: “Mègade ta agu na wo o, eye mègasubɔ wo o, elabena nye Yehowa wò Mawu la, Mawu si biaa ɖokuitsɔtsɔna blibo ye menye.” Eyome ebiam be, “Ne Mawu toa nɔnɔmewɔwɔwo dzi wɔa nukunuwo alo ne edi be míazã wo le ye subɔsubɔ me ɖe, ke nu ka tae wòagade se ɖe ezazã ŋu?” Esia na meva nɔ tame bum vevie. Tso ɣemaɣi la, nye kplii míedzro nu geɖe me tso Biblia me nyawo ŋu. Mese vivi na numedzodzro mawo ale gbegbe be kaka makpɔa ɖeko ɣeyiɣiawo va yina kaba.

 Emegbe ekplɔm yi Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe aɖe. Nu siwo mekpɔ kple nya siwo mese le kpekpea me la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Ðeviwo gɔ̃ hã ɖo nya ŋu le kpekpea me heƒo nu kple kakaɖedzi le kplɔ̃ta! Megblɔ na ɖokuinye be, ‘Hehe nyui ka gbegbee nye esi xɔm ame siawo le le afi sia!’ Togbɔ be ɖa legbee nɔ ta nam eye nyemedo awu ɖe nɔnɔme nyui me o hã la, Ðasefoawo xɔm nyuie. Ƒome aɖe kura gɔ̃ hã kpem meva ɖu fiẽnu kpli wo esi míekpa le kpekpe ma me!

 Esi Ðasefoawo srɔ̃ Biblia kplim la, meva kpɔe be Yehowa Mawu nye Fofo lɔ̃ame si tsɔa ɖe le eme na mí metsɔ le ale si míaƒe ganyawo le, ɖoƒe si míele, dukɔ si me míetso alo afi si míede suku se ɖo me o. Mawu mekpɔa ame ŋkume o nyateƒe. (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Azɔ ko meva le Mawu nyam ye nye esi. Mekpɔe be meva nɔ dzidzeme kpɔm azɔ.

VIÐE SIWO MEKPƆ

 Medze agbe yeye gɔme kura! Medzudzɔ sigaret kple aha tsu nono eye nyemegagblɔa nya ƒaƒãwo o. Ale si dzi kuam le nu siwo me meto le nye ɖevime ta nu nɔ yiyim, eye nyemegakua drɔ̃e baɖabaɖawo hã o. Le fu siwo mekpe le nye ɖevime kple ale si nyemede suku boo o ta la, mesena le ɖokuinye me tsã be nyemele ɖeke me o, gake megale nenema fifia o.

 Meɖe srɔ̃nyɔnu nyui aɖe si lɔ̃ Yehowa, eye ekpena ɖe ŋunye ale gbegbe. Fifia, menye Yehowa Ðasefowo ƒe dzikpɔla mɔzɔlawo dometɔ ɖeka, mesrãa hamewo kpɔna eye medea dzi ƒo na haxɔsetɔwo hefiaa nu wo. Haxɔsetɔ mawo va zu abe ƒome ene nam. Meda akpe be Mawu na hehe nyuitɔ kekeakem, eye wòto Biblia dzi kpe ɖe ŋunye metrɔ nye agbenɔnɔ, eye esia wɔe be ŋu megakpeam le nu siwo me meto ta o.

Edzɔa dzi na nye kple srɔ̃nye be míakpe ɖe amewo ŋu abe ale si wokpe ɖe nye hã ŋunye ene