Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Meɖua Dzigbezã O?

Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Meɖua Dzigbezã O?

 Yehowa Ðasefowo meɖua dzigbezã o elabena dzigbezãɖuɖu medzea Mawu ŋu o. Togbɔ be Biblia mede se ɖe dzigbezãɖuɖu nu tẽe o hã la, ekpe ɖe mía ŋu be míabu nu vevi aɖewo siwo yia edzi le azã sia ɖuɖu me ŋu ahase ale si Mawu bua woe la gɔme. Bu nu vevi siawo dometɔ ene aɖewo kple nya si Biblia gblɔ tso wo ŋu la ŋu kpɔ.

  1.   Trɔ̃subɔsubɔ mee dzigbezãɖuɖu dzɔ tso. Agbalẽ aɖe (Funk & Wagnalls Standard Dictionary of Folklore, Mythology, and Legend) gblɔ be dzixɔse si nye be le ame ƒe dzigbeŋkeke dzi la “mɔnukpɔkpɔ sua gbɔgbɔ vɔ̃wo kple ŋusẽ vɔ̃ɖiwo si be woadze azãɖulaa dzi, gake azãɖulaa xɔlɔ̃awo ƒe afi ma nɔnɔ kple woƒe nyuidinamenyawo gbɔgblɔ kpɔa eta” dzie wotu dzigbezãɖuɖu ɖo. Agbalẽ bubu (The Lore of Birthdays) gblɔ be le blema la, ehiãna vevie be woaŋlɔ amewo ƒe dzigbewo ɖi “elabena dzigbeŋkeke hiã vevie le dzidziɣletivimefakaka si wotu ɖe ɣletivimefakaka dzi la me.” Agbalẽ sia gblɔ kpee be “amewo xɔe se be vivimeŋusẽ tɔxɛ aɖe nɔa vele siwo wozãna le dzigbezãwo dzi la si eye wònana be nyuidinamenyawo vaa eme.”

     Gake Biblia meda asi ɖe akunyawɔwɔ, afakaka kple gbɔgbɔyɔyɔ alo “nu siawo dometɔ aɖeke” dzi o. (5 Mose 18:14; Galatiatɔwo 5:19-21) Le nyateƒe me la, nu siwo ta Mawu bu fɔ Babilontɔwo ɖo la dometɔ ɖekae nye woƒe ɣletivimefakaka. (Yesaya 47:11-15) Yehowa Ðasefowo metsia dzi be yewoanya nu tso azã ɖe sia ɖe ƒe dzɔtsoƒewo ŋu tsitotsito o; gake ne Ŋɔŋlɔawo ɖe woƒe dzɔtsoƒewo fia mí kɔtɛe la, míeŋea aɖaba ƒua wo dzi o.

  2.   Kristotɔ gbãtɔwo meɖu dzigbezã o. Agbalẽ aɖe (The World Book Encyclopedia) gblɔ be Kristotɔ gbãtɔwo “bua ame sia ame ƒe dzigbezãɖuɖu be enye trɔ̃subɔsubɔ.” Biblia ɖee fia be Yesu ŋutɔ fia nu apostoloawo kple Kristotɔ bubuawo tẽe eye wòɖo kpɔɖeŋu ɖi na Kristotɔwo katã.​—2 Tesalonikatɔwo 3:6.

  3.   Azã ɖeka si dzi wobia tso Kristotɔwo si be woanɔ ŋku ɖomee nye Yesu ƒe kuzã, ke menye eƒe dzigbezã o. (Luka 22:17-20) Mele be esia nawɔ nuku na mí o, elabe Biblia gblɔ be “kugbe nyo wu dzigbe.” (Nyagblɔla 7:1) Le Yesu ƒe agbenɔnɔ ƒe nuwuwu la, ewɔ ŋkɔ nyui na eɖokui si na be eƒe ku va nɔ vevie wu eƒe dzidzi.​—Hebritɔwo 1:4.

  4.   Mawusubɔla aɖeke meɖu dzigbezã le Biblia me o. Mefia be woɖui gake womeŋlɔ woƒe ŋutinyawo ɖi o, elabe woŋlɔ ame eve aɖewo siwo menye Mawu subɔlawo o siwo ɖu dzigbezã la ƒe ŋutinyawo ɖe Biblia me. Ke hã, nu siwo yi edzi le dzigbezã eve mawo ɖuɣiwo wɔ nublanui ŋutɔ.​—1 Mose 40:20-22; Marko 6:21-29.

Ðe Yehowa Ðasefowo ƒe viwo sena le wo ɖokuiwo me be nu le yewo ŋuti toma?

 Abe ale si dzila nyuiwo katã wɔnɛ ene la, Yehowa Ðasefowo ɖea lɔlɔ̃ fiaa wo viwo le ƒea katã me. Wonaa nuwo wo eye wokpɔa gome kpli wo le modzakaɖeɖe dodzidzɔnamewo me. Wodzea agbagba be yewoasrɔ̃ Mawu, ame si naa nu nyuiwo viawo faa la ƒe kpɔɖeŋu deblibo la. (Mateo 7:11) Yehowa Ðasefowo ƒe viwo mesena le wo ɖokuiwo me be nu le yewo ŋuti tom o abe ale si nya siwo gbɔna ɖee fia ene:

  •   “Ne wona nu ame le vo me la, evivina wu.”​—Tammy, exɔ ƒe 12.

  •   “Togbɔ be nyemexɔa nunanawo le nye dzigbe o hã la, dzinyelawo ƒlea nuwo nam le ŋkeke bubuwo dzi. Enyo nam nenema elabena ɖeko wova tuam le ɣeyiɣi si me nyemele mɔ kpɔm na wo o me.”​—Gregory, exɔ ƒe 11.

  •   “Miesusu be miniti ewo ƒe akpɔnɔvivi ʋɛ aɖewo kple hadzidzie nye azãɖuɖua? Miva mía ƒe me miakpɔ nu si woyɔna be azãɖuɖu ɖa!”​—Eric, exɔ ƒe 6.