Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Ka Tae Ale Si Yehowa Ðasefowo Wɔa Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua To Vovo Na Subɔsubɔha Bubuwo Tɔ?

Nu Ka Tae Ale Si Yehowa Ðasefowo Wɔa Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua To Vovo Na Subɔsubɔha Bubuwo Tɔ?

 Míezɔna ɖe ale si tututu Biblia gblɔ be woaɖu Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu, si hã wogayɔna be “Nuɖuɖu Kɔkɔe,” alo Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia, dzi pɛpɛpɛ. (1 Korintotɔwo 11:20; Agbenya La) Gake nu si dzi subɔsubɔha bubuwo xɔ se kple nu siwo wowɔna le wɔna sia me la dometɔ geɖe mewɔ ɖeka kple nya si Biblia gblɔ o.

Taɖodzinu si le wɔnaa ŋu

 Taɖodzinu si le Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua ŋue nye be, míaɖo ŋku Yesu dzi ahada akpe ɖe ale si wòtsɔ eɖokui sa vɔ ɖe mía tae la ta. (Mateo 20:28; 1 Korintotɔwo 11:24) Menye Sakramento, alo mawusubɔsubɔ me kɔnu, si nana wovea ame nu alo tsɔa ame ƒe nu vɔ̃wo kenɛ ye wònye o. a Biblia gblɔ be menye subɔsubɔkɔnu aɖe dzie woato atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí o, ke boŋ ale si míaxɔ Yesu dzi se ye ana.—Romatɔwo 3:25; 1 Yohanes 2:1, 2.

Zi nenie woaɖui?

 Yesu de se na eƒe nusrɔ̃lawo be woanɔ Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ɖum, gake megblɔ zi gbɔ zi neni woaɖui o. (Luka 22:19) Ame aɖewo susui be ele be woanɔ eɖum ɣleti sia ɣleti, gake ame bubuwo hã ɖunɛ kwasiɖa sia kwasiɖa, gbe sia gbe, zi geɖe le ŋkeke ɖeka me, alo ɣesiaɣi si wokpɔe be esɔ ko. b Gake nu siwo ŋu wòle be míabu dometɔ aɖewoe nye esi.

 Yesu ɖo Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua anyi le gbe si gbe Yudatɔwo ɖua Ŋutitotozãa, eye gbe ma gbe kee wòku. (Mateo 26:1, 2) Menye nudogoɖenunue o. Ŋɔŋlɔawo tsɔ Yesu ƒe vɔsaa sɔ kple lã si wowuna le Ŋutitotozãa ɖuɣi. (1 Korintotɔwo 5:7, 8) Zi ɖekae woɖua Ŋutitotozãa ƒe sia ƒe. (2 Mose 12:1-6; 3 Mose 23:5) Nenema kee zi ɖeka koe Kristotɔ gbãtɔwo hã ɖu Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia, c eye Yehowa Ðasefowo hã zɔna ɖe kpɔɖeŋu ma si le Biblia mea dzi.

Ŋkeke kple game si woaɖui

 Kpɔɖeŋu si Yesu ŋutɔ ɖo ɖi la kpena ɖe mía ŋu míenyana zi gbɔ zi neni wòle be míaɖu Ŋkuɖodzia kpakple ŋkeke kple game si dzi wòle be míaɖui hã. Eɖo azãa anyi le Biblia me ɣleti alo dzinu si nye Nisan 14, ƒe 33 K.Ŋ. ƒe ɣeɖoto megbe. (Mateo 26:18-20, 26) Míegaɖua Ŋkuɖodzia le ŋkeke ma dzi kokoko ƒe sia ƒe, abe ale si Kristotɔ gbãtɔwo wɔe ene. d

 Togbɔ be Nisan 14, ƒe 33 K.Ŋ. dze Fiɖagbe dzi hãa, ɣeyiɣi ma ate ŋu adze kwasiɖaa me ŋkeke bubu dzi ƒe sia ƒe. Ale si wowɔna nyana gbe si gbe dzi Nisan 14 dze esime Yesu nɔ anyigba dzi la ke dzie míetona nyaa ŋkeke ma egbea, ke menye Yudatɔwo ƒe ɣletigbalẽ si li egbea dzi míenɔa te ɖo bua ŋkekea o. e

Abolo kple wain

 Yesu zã amɔwɔ maʋamaʋã bolo kple wain siwo susɔ esime wole Ŋutitotozãa ɖum la tsɔ ɖo azã yeye si nye eƒe ku ƒe Ŋkuɖodzizãa anyi. (Mateo 26:26-28) Míesrɔ̃a eƒe kpɔɖeŋua, eye míezãa amɔwɔ maʋamaʋã bolo, si me womede nu bubu aɖekee o, kple wain dzĩ si me womede nanekee o, ke menye waintsetse me tsi alo wain si me wode nu vivi, nu muame alo nu ʋeʋĩ o.

 Subɔsubɔha aɖewo zãa abolo si me amɔʋãnu le, evɔ wozã amɔʋãnu le Biblia me zi geɖe wònye nu vɔ̃ kple gbegblẽ ƒe dzesi. (Luka 12:1; 1 Korintotɔwo 5:6-8; Galatiatɔwo 5:7-9) Eya ta abolo si womede amɔʋãnu alo nu bubu aɖeke o koe sɔ woatsɔ awɔ Kristo ƒe ŋutilã si ŋu nu vɔ̃ mele o ƒe kpɔɖeŋu. (1 Petro 2:22) Nu bubu si amewo wɔna, si mewɔ ɖeka kple Biblia o ye nye be, wozãa waintsetse me tsi matsimatsi ɖe wain teƒe. Sɔlemeha aɖewo wɔnɛ alea elabena wode se na hameviwo be woagano aha muame o, evɔ Ŋɔŋlɔawo mede se ɖe enu hafi o—1 Timoteo 5:23.

Kpɔɖeŋunuwoe, ke menye Yesu ƒe ŋutilã kple ʋu ŋutɔŋutɔ o

 Amɔwɔ maʋamaʋã bolo kple wain dzĩ si wozãna le Ŋkuɖodzia ɖuɣi la nye kpɔɖeŋu na Kristo ƒe ŋutilã kple ʋu. Wometrɔna zua eƒe ŋutilã kple ʋu ŋutɔŋutɔ alo va tsakana kple nu mawo nukutɔe, abe ale si ame aɖewo susunɛ ene o. Kpɔ nya siwo Biblia gblɔ, siwo tae míele nya sia gblɔm la ɖa.

  •   Ne Yesu ƒe ʋu ŋutɔŋutɔe wòde se na eƒe nusrɔ̃lawo be woano la, ekema ele wo fiam be woada Mawu ƒe se, si gblɔ be womegaɖu ʋu o la dzi. (1 Mose 9:4; Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Gake Yesu mate ŋu awɔ nu alea o, elabe magblɔ na amewo be woada Mawu ƒe se, si ɖee fia be ʋu nye nu kɔkɔe la dzi geɖe o.—Yohanes 8:28, 29.

  •   Ne ɖe Yesu ƒe apostoloawo nɔ eƒe ʋua nom ŋutɔŋutɔ la, ekema magagblɔ be enye ʋu “si woakɔ ɖe anyi” o, elabena eƒe nyaa fia be mesa vɔa haɖe o.—Mateo 26:28.

  •   Yesu tsɔ eɖokui sa vɔ “zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu.” (Hebritɔwo 9:25, 26) Gake ne aboloa kple wain la trɔna zua eƒe ŋutilã kple ʋu ŋutɔŋutɔ le Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ɖuɣia, ke efia be ame siwo ɖua nuawo la gbugbɔ eƒe vɔa le sasam enuenu, si fia be meganye zi ɖeka ƒe nuwɔna ko o.

  •   Yesu gblɔ be: “Minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye;” menye “be miatsɔm asa vɔe” o.—1 Korintotɔwo 11:24.

 Ale si wogblɔ nyaa le Biblia aɖewo me ye na ame aɖewo xɔe se be aboloa kple wain la trɔna zua Yesu ƒe ŋutilã kple ʋu ŋutɔŋutɔ nukutɔe. Le kpɔɖeŋu me, Biblia geɖe ɖe nya si Yesu gblɔ tso wain la ŋu me ale: “Esiae nye nye ʋu.” (Mateo 26:28) Gake woagate ŋu aɖe Yesu ƒe nyawo gɔme ale: “Esia fia nye ʋu,” “Esia tsi tsitre ɖi na nye ʋu,” alo “Esia nye kpɔɖeŋu na nye ʋu.” f Yesu tsɔ nane le kpɔɖeŋu wɔm na nu bubu le afi sia, abe ale si wòwɔe zi geɖe va yi ene.—Mateo 13:34, 35.

Ame kawoe ɖua kpɔɖeŋunuawo?

 Ne Yehowa Ðasefowo le Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ƒe wɔnaa wɔm la, wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe ɖua aboloa henoa wain la. Nu ka tae?

 Ʋu si Yesu kɔ ɖi la na woɖo “nubabla yeye,” si va xɔ ɖe nu, si Yehowa Mawu bla kple blema dukɔ Israel la teƒe. (Hebritɔwo 8:10-13) Ame siwo le nubabla yeyea me lae ɖua Ŋkuɖodzinuawo. Menye Kristotɔwo katãe le eme o, ke boŋ “ame siwo [Mawu yɔ]” etɔxɛe la koe. (Hebritɔwo 9:15; Luka 22:20) Ame siawo aɖu dzi kple Kristo le dziƒo, eye Biblia gblɔ be ame 144,000 ko sie mɔnukpɔkpɔ ma su.—Luka 22:28-30; Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 14:1, 3.

 Ame siwo woyɔ la nye “alẽha sue” si aɖu dzi kple Kristo, gake mía dometɔ akpa gãtɔ le mɔ kpɔm be míanɔ “ameha gã” si me tɔwo anɔ agbe tegbee le anyigba dzi la dome. (Luka 12:32; Nyaɖeɖefia 7:9, 10) Togbɔ be mía dometɔ siwo le mɔ kpɔm be míanɔ agbe le anyigba dzi la míeɖua Ŋkuɖodzinuawo o hãa, míawo hã míedaa akpe ɖe vɔ si Yesu tsɔ eɖokui sa ɖe mía tae la ta.—1 Yohanes 2:2.

a Numekugbalẽ aɖe (McClintock kple Strong ƒe Cyclopedia, Babla 9, axa 212) gblɔ be: “Nya Sakramento medze le Nubabla Yeyea me o; eye womezã Helagbe me nya μυστήριον [my·steʹri·on] hã wòfia nyɔnyrɔxɔxɔ alo Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu, alo azãɖuɖu bubu aɖeke gbeɖe o.”

b Biblia aɖewo zã nyagbɔgblɔ “zi gbɔ zi ale si” ku ɖe Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ŋu, eye ame aɖewo se egɔme be ema fia zi gbɔ zi ale si wòle be woanɔ eɖum. Gake gɔmesese si tututu le nya sia ŋu le mawunyakpukpuia me le gbe gbãtɔ si me woŋlɔe ɖo mee nye “ɣesiaɣi si.”—1 Korintotɔwo 11:25, 26; Agbenya La.

c Kpɔ The New Schaff-Herzog Encyclopedia of Religious Knowledge, Babla 4, axa 43-44, kple McClintock kple Strong ƒe Cyclopedia, Babla 8, axa 836.

d Kpɔ The New Cambridge History of the Bible, Babla 1, axa 841.

e Yudatɔwo ƒe ɣletigbalẽ siwo li egbea nɔa te ɖe ɣeyiɣi si dzinua tsɔna ƒoa xlã anyigbaa kpena ɖo ɣleti sia ɣleti dzi bua Nisan ɣletia ƒe gɔmedzedze. Gake menye nenemae ƒe alafa gbãtɔ me tɔwo bunɛ o. Ke boŋ ne dzinu dze dzi wokpɔ zi gbãtɔ le Yerusalem hafi wodzea ɣletia xexlẽ gɔme, evɔ ne dzinu ƒo xlã anyigbaa vɔ hã, ate ŋu axɔ ŋkeke ɖeka alo esi wu ema hafi wòadze woakpɔ. Esia tae ŋkeke si dzi Yehowa Ðasefowo ɖua Ŋkuɖodzia la medzea ŋkeke Yudatɔ siwo li egbea ɖua woƒe Ŋutitotozãa la dzi ɣesiaɣi o.

f Kpɔ A New Translation of the Bible, si gɔme James Moffatt ɖe; The New Testament—A Translation in the Language of the People, si gɔme Charles B. Williams ɖe; kple The Original New Testament, si gɔme Hugh J. Schonfield ɖe.