Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 GBEBIAME | DAVEY LOOS

Lãmetsiŋutinunyala Aɖe Ƒe Xɔse

Lãmetsiŋutinunyala Aɖe Ƒe Xɔse

Ðɔkta Davey Loos nye lãmetsiŋutinunyala le Belgium. Ɣeaɖeɣi va yi la, mexɔe se be Wɔla aɖe li o, ke boŋ exɔe se be ɖeko nuwo dzɔ le wo ɖokuiwo si. Gake eva trɔ susu emegbe. Nu kae na ɖɔkta sia gbugbɔ ŋku lé ɖe eƒe dzixɔse ku ɖe ale si nu gbagbewo wɔ va dzɔ la ŋu? Nyɔ! magazinea talawo bia gbee tso eƒe xɔse kpakple eƒe dɔa ŋu.

Aleke nèwɔ va zu dzɔdzɔmeŋutinunyala?

Esi menɔ yunivɛsiti la, mesrɔ̃ lãmetsiŋutinunya. Nu siwo wɔ dɔ ɖe dzinye vevie nye protein kple nucleic acid siwo de ŋgɔ sãsãsã wu molecule ɖe sia ɖe le anyigba dzi. Gake ale si molecule aɖewo wɔa nui ne ɣe klẽ ɖe wo dzi la wɔa nuku nam ŋutɔ.

Ðe nèxɔ Mawu dzi se tsãa?

Mexɔ Mawu dzi se esime menɔ ɖevime. Gake esi meva nɔ suku dem le Catholic University le Leuven la, wofiam be dzɔdzɔmenuwoe nɔ tɔtrɔm vivivi va zu nu gbagbewo. Ale si nufialagã siawo ɖea dzɔdzɔmenuwo ƒe tɔtrɔ siawo dometɔ aɖewo gɔme la wɔa dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Esi wònye dzɔdzɔmeŋutinunyala kpɔnuteƒewoe wonye ta la, mexɔ woƒe nyawo dzi se. Mlɔeba la, eva sesẽ nam be maxɔe ase be Mawu li.

Nu kae na nègbugbɔ ŋku lé ɖe nu gbagbewo ƒe dzɔtsoƒe ŋu?

Le ƒe 1999 me la, medo go xɔ̃nye aɖe si nye kplii míede suku si va zu Yehowa Ðasefo, eye mede woƒe kpekpeawo dometɔ ɖeka. Ɣemaɣi la, Yehowa Ðasefo aɖe va mía ƒe me eye wòna agbalẽ si nye Is There a Creator Who Cares About You? (Y a-t-il un Créateur qui se soucie de vous?) * ɖekam.

Nu kae nèsusu tso agbalẽa ŋu?

Ale si woku nu me memie hafi tae la wɔ dɔ ɖe dzinye. Esia na meva nɔ eŋu bum nenye be nu siwo le xexea me la woate ŋu adzɔ le wo ɖokuiwo si vavã.

Nuwɔwɔ siwo le xexea me la dometɔ kae wɔ nuku na wò wu?

Esi menye lãmetsiŋutinunyala ta la, mesrɔ̃ nu tso molecule siwo le cyanobacteria siwo le atsiaƒu me la ŋu, siwo nye nugbagbevi  suesuesue siwo wɔa woawo ŋutɔwo ƒe nuɖuɖuwo eye womekpɔa woƒe nuɖuɖu tso nu gbagbe bubu aɖeke gbɔ o. Numekula aɖewo susui be nugbagbevi suesuesue siawoe nye nu gbagbe gbãtɔ siwo nɔ anyigba dzi. Wowɔa ŋusẽ si tso ɣe ƒe dzoxɔxɔ gbɔ ŋu dɔ tsɔ trɔa tsi kple ya si woyɔna be carbon dioxide wozua nuɖuɖu na wo, eye ale si wowɔa nu siae la gɔme sese sesẽ ŋutɔ. Ale si cyanobacteria tea ŋu wɔna kpɔa ɣe ƒe keklẽ si dena nɛ la hã wɔa nuku nam ŋutɔ.

Aŋgbawo hã trɔa ɣe ƒe kekeli wòzua nuɖuɖu na wo. Eya ta mɔ ka nue nugbagbevi sia tɔ ɖe dzesi le?

Ɣe ƒe keklẽ vi aɖe koe tea ŋu ɖoa atsiaƒu gɔme. Eya ta ele na nugbagbevi si nye cyanobacteria, si nɔa atsiaƒu gɔme la be wòalé ɣe ƒe keklẽ sue ɖe sia ɖe si wòkpɔ la ɖi eye wòzãa ŋusẽxɔti deŋgɔ aɖe tsɔ wɔa esia. Etrɔa ŋusẽ si wòlé ɖi la katã kloe wòzua nuɖuɖu. Ale si nugbagbevi sia tea ŋu léa ɣe ƒe keklẽ ɖi la wɔa nuku na ame siwo wɔa elektrik-namɔ̃ siwo zãa ɣe ƒe keklẽ ale gbegbe be wova tsɔ ɖe le eme vevie. Ke hã, ale si nugbagbevi sia wɔna léa ɣe ƒe keklẽ ɖi la de ŋgɔ sãsãsã wu elektrik-namɔ̃ siwo zãa ɣe ƒe keklẽ.

Nya ta kae esia na nèƒo?

Mede ŋugble tso mɔ̃ɖaŋudɔwɔla siwo dze agbagba srɔ̃ nu wɔnuku siwo yia edzi le nu gbagbewo me la ŋu eye meƒo nya ta be Mawu kokokoe wɔ nu gbagbewo

Mede ŋugble tso mɔ̃ɖaŋudɔwɔla siwo dze agbagba srɔ̃ nu wɔnuku siwo yia edzi le nu gbagbewo me la ŋu eye meƒo nya ta be Mawu kokokoe wɔ nu gbagbewo. Gake menye nu siwo mesrɔ̃ le dzɔdzɔmeŋutinunya me koe na meva xɔe se be Mawu li o. Biblia sɔsrɔ̃ veviedodotɔe hã kpe ɖe ŋunye.

Nu kae na nèka ɖe edzi be Mawu gbɔe Biblia tso?

Nu siwo na meka ɖe edzi la dometɔ ɖekae nye ale si Biblia me nyagblɔɖiwo vaa eme pɛpɛpɛ. Le kpɔɖeŋu me, Yesaya gblɔ Yesu ƒe ku kple eɖiɖi ŋu nya ɖi tsitotsito ƒe alafa geɖe do ŋgɔ. Míenya be woŋlɔ nyagblɔɖi sia ɖi hafi wova dzi Yesu, elabena wogbugbɔ ŋlɔ Yesaya ƒe Agbalẽ xatsaxatsa si wofɔ le Qumran la anɔ abe ƒe alafa ɖeka ene do ŋgɔ na Yesu dzidzi.

Nyagblɔɖi ma gblɔ be: “Woɖe yɔdo nɛ ɖe ame vɔ̃ɖiwo dome eye le eƒe ku me wòmlɔ kesinɔtɔwo dome.” (Yesaya 53:9, 12, Agbenya La) Nukutɔe la, wowu Yesu abe ame vɔ̃ɖi ene, gake woɖii ɖe kesinɔtɔwo ƒe ƒome aɖe ƒe yɔdo me. Esia nye nyagblɔɖi gbogbo siwo va eme, siwo na meka ɖe edzi be Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã amewo woŋlɔ Biblia la dometɔ ɖeka ko. (2 Timoteo 3:16) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, meva zu Yehowa Ðasefo.

Nu ka tae wònye dzidzɔ na wò be yenye Yehowa Ðasefo?

Xɔse si le mía si menye esi ŋea aɖaba ƒua nu siwo dzi dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ɖo kpee la dzi o

Xɔse si le mía si menye esi ŋea aɖaba ƒua nu siwo dzi dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ɖo kpee la dzi o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Biblia ƒe mɔfiamewo ko dzie míezɔna ɖo. Esi menye Yehowa Ðasefo ta la, edzɔa dzi nam be magblɔ Biblia me gbedeasi fakɔnamewo na amewo ahakpe ɖe wo ŋu woakpɔ ŋuɖoɖo na woƒe nyabiasewo.

^ mm. 9 Yehowa Ðasefowoe tae.