Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SI AKPE ÐE AME SIWO LE NU XAM LA ŊU

Nu Si Koŋ Akpe Ðe Ame Siwo Le Nu Xam La Ŋu

Nu Si Koŋ Akpe Ðe Ame Siwo Le Nu Xam La Ŋu

VEVE SI AME SENA NE EƑE AME VEVI AÐE KU LA NYE NU SI ŊU NUMEKULAWO LE NU ME KUM TSOE VEVIE LE ŊKEKE SIAWO ME. Ke hã, abe ale si míegblɔe va yi ene la, zi geɖe la, aɖaŋuɖola nyuitɔ ƒe aɖaŋuɖoɖowo wɔa ɖeka kple esi dze le blemagbalẽ aɖe si nye Biblia, si ƒe nyawo gaɖea vi la me. Esia gate gbe ɖe ale si Biblia ƒe mɔfiamewo nu meyi na gbeɖe o la dzi. Aɖaŋuɖoɖo gbogbo aɖewo siwo dzi míate ŋu aka ɖo la le Biblia me. Aɖaŋu siwo wòɖo la, megale teƒe bubu aɖeke o eye woate ŋu afa akɔ na ame siwo le nu xam.

  • Eka ɖe edzi na mí be míaƒe ame vevi siwo ku la, mele fu kpem o

    Biblia gblɔ le Nyagblɔla 9:5 be: “Kukuawo meganya naneke kura o.” Woƒe “tamesusuwo katã nu yina.” (Psalmo 146:4) Esia sɔ kple nya si Biblia gblɔ be ku sɔ kple alɔ̃dɔdɔ la.—Yohanes 11:11.

  • Mawu si lɔ̃a ame la dzixɔse si me sẽ nana ame kpɔa akɔfafa

    Biblia gblɔ le Psalmo 34:15 be: “Yehowa * ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe ɣlidodowo ŋu.” Gbedodoɖa mele abe ale si míagblɔ míaƒe dzimenya na ame aɖe be míaƒe dzi nadze eme alo aɖɔ míaƒe susu ɖo ko o. Ekpena ɖe mía ŋu be mí kple mía Wɔla, ame si ate ŋu azã eƒe ŋusẽ atsɔ afa akɔ na mí la, dome nɔna nyuie.

  • Míele mɔ kpɔm na etsɔme nyui aɖe

    Bu ɣeyiɣi aɖe si ava le etsɔme esime woafɔ ame siwo le yɔdowo me la ɖe tsitre woagava nɔ agbe le anyigba dzi la ŋu kpɔ! Biblia ƒo nu tso nya sia ŋu zi geɖe. Biblia ɖɔ ale si nɔnɔmea anɔ le anyigba dzi ɣemaɣi be Mawu “atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le [míaƒe] ŋkume, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o.”—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Ame geɖe siwo xɔ Yehowa, Mawu si ŋu Biblia ƒo nu tsoe dzi se la va srɔ̃ ale si woanɔ te ɖe woƒe nuxaxa nu esi wova nya nu tso ale si woafɔ woƒe ame vevi siwo ku la ɖe tsitre ŋu eye wole mɔ kpɔm nɛ. Le kpɔɖeŋu me, Ann si srɔ̃ xɔ ƒe 65 eye wòku la gblɔ be: “Biblia ka ɖe edzi nam be míaƒe ame vevi siwo ku la mele fu kpem o eye Mawu afɔ ame siwo katã le eƒe susu me la ɖe tsitre. Nu siawo vaa susu me nam ne mebu ame si ku nam la ŋu, eye esia wɔnɛ be metea ŋu nɔa te ɖe nu si dzɔ ɖe dzinye va yi la nu!”

Tiina si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati siawo me gblɔ be: “Tso esime Timo kua, mekpɔe be Mawu lém ɖe te. Meka ɖe edzi bliboe be Yehowa kpe ɖe ŋunye le nɔnɔ sesẽ ma me. Eye ŋugbe si Biblia do tso tsitretsitsia ŋu la nye nu ŋutɔŋutɔ nam. Edoa ŋusẽm be manɔ mɔ kpɔm na gbe si gbe magakpɔ Timo ake.”

Eƒe nya siawo wɔ ɖeka kple ame miliɔn geɖe siwo ka ɖe Biblia dzi la tɔ. Ne èsusu be nya siwo Biblia gblɔ menye nyateƒe o alo be wonye drɔ̃eƒenyawo la, ke ele be wò ŋutɔ nàku nu me akpɔe ɖa be ɖe aɖaŋu kple ŋugbe siwo wòdo la le eme hã. Àva kpɔe be Bibliae nye agbalẽ nyuitɔ si akpe ɖe ame siwo le nu xam la ŋu.

ÀTE ŊU ASRƆ̃ NU GEÐE TSO ALE SI WOAVA FƆ AME KUKUWO LA ŊU

Kpɔ video bubu siwo ƒo nu tso nya sia ŋu le míaƒe nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org/ee

Biblia do ŋugbe be ɣeyiɣi aɖe ava si míagakpɔ míaƒe ame vevi siwo ku

NƆNƆME KA MEE AME KUKUWO LE?

Nu kae dzɔna ɖe ame dzi ne eku? Ale si Biblia ɖo nya sia ŋu eme kɔ la faa akɔ na ame eye wòdea dzi ƒo na ame

Àkpɔe le AGBALẼWO > VIDEOWO (Ʋu Videowo: Biblia > Biblia Ƒe Nufiafiawo)

ÀDI BE YEASE NYA NYUIA?

Esi wònye be nya vɔ̃wo bɔ ɖe, afi kae míate ŋu ase nya nyuie le? Video sia he susu yi Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ! ƒe agbalẽ gbadzaa dzi

Àkpɔe le AGBALẼWO > VIDEOWO (Ʋu Videowo: Míaƒe Kpekpewo Kple Subɔsubɔdɔa > Ðaseɖiɖi Ƒe Dɔwɔnuwo)

^ mm. 7 Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔe nye Yehowa.