Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawusubɔsubɔ

Mawusubɔsubɔ

Abe ale si míekpɔe le nyati gbãtɔ me ene la, ame geɖe bua Biblia be enye agbalẽ kɔkɔe. Wova kpɔe be ne yewoxlẽe, wɔ ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi la, enana yewotena ɖe Mawu ŋu eye wova sea nu si tae míele agbe ɖo la gɔme.

Biblia zã nya “gbɔgbɔmenuwo” tsɔ fia nɔnɔme si le ame si alo ale si wòbua agbee. (Yuda 18, 19) To vovo na ame si ƒe susu katã nɔa ŋutilãmenu siwo ade eya ɖeɖe ko dzi ŋu la, ame si tsia dzi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu ya dea asixɔxɔ Mawu ƒe nudidiwo ŋu.—Efesotɔwo 5:1.

MƆKPƆKPƆ

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Ne dzi ɖe le ƒowò le xaxaɣi la, ekema wò ŋusẽ dzi aɖe kpɔtɔ.”—Lododowo 24:10, etenuŋɔŋlɔ.

NU SI WÒFIA: Dziɖeleameƒo ate ŋu ana ŋusẽ si míatsɔ anɔ te ɖe kuxiwo nu la dzi naɖe kpɔtɔ. Gake mɔkpɔkpɔ ate ŋu ana dzi naɖo mía ƒo míayi edzi anɔ dzi dom. Efaa akɔ na mí ŋutɔ ne míenyae be kuxi siwo me tom míele la manɔ anyi ɖaa o; le nyateƒe me la, nu nyui aɖe ate ŋu ado go tso míaƒe dzidodoa me.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ: Na wò susu nanɔ nu nyui siwo ava le etsɔme la ŋu. Le esi nàtsi dzi ɖe nu siwo ate ŋu ava dzɔ alo anɔ anyi ɖi anɔ mɔ kpɔm na nɔnɔme siwo ade dziwò teƒe la, ɖe afɔ siwo ana nàɖo wò taɖodzinuwo gbɔ. “Nuɖiɖeame” ate ŋu adzɔ ɣeaɖewoɣi ya. (Nyagblɔla 9:11) Gake zi geɖe la, nuwo va nyona wu ale si míesusui gɔ̃ hã. Eya ta Biblia zã agbledede tsɔ wɔ kpɔɖeŋu esi wògblɔ be: “Ƒã wò nukuwo le ŋdi, eye wò alɔ megadzudzɔ o va se ɖe fiẽ; elabena mènya kae awɔ nyuie o, eɖanye esi alo ekemɛ o, alo ne wo kple eve lae le nyonyo ge o.”—Nyagblɔla 11:6.

EÐO BIABIA VEVI SIWO KU ÐE AGBE ŊU

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Na gɔmesesem . . . Wò nyawo . . . nye nyateƒe.”—Psalmo 119:144, 160.

NU SI WÒFIA: Biblia ɖo biabia vevi siwo ku ɖe agbe ŋu siwo ame geɖe biana la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, eɖo biabia siwo gbɔna ŋu

  • Afi kae míedzɔ tso?

  • Nu ka tae míele gbe ɖo?

  • Nu kae dzɔna ɖe ame dzi ne eku?

  • Agbea katã koe nye esia?

Ame miliɔn geɖe siwo le xexea me la va le dzidzɔ kpɔm le esi wokpɔ biabia siawo kple bubu geɖewo ƒe ŋuɖoɖowo le Biblia me ta.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ: Wò ŋutɔ dzro Biblia me be nàkpɔ nu si wòfia. Bia Yehowa Ðasefo aɖe wòakpe ɖe ŋuwò nàse Biblia gɔme. Ʋu míaƒe internet dzi nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org, alo nàyi míaƒe kpekpe siwo ame sia ame dena faa la.

BIBLIA ƑE MƆFIAME BUBUWO

Àte ŋu akpɔ video si nye Nu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia? le jw.org/ee. Ele gbegbɔgblɔ siwo wu 880 me.

EHIA BE NÀTSI DZI ÐE MAWUSUBƆSUBƆ ŊU.

“Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo.”—MATEO 5:3.

SRƆ̃ NU GEÐE TSO MAWU SI ŊU BIBLIA ƑO NU TSOE LA ŊU.

‘Di Mawu, ne nàke ɖe eŋu vavã, mele adzɔge tso mía dometɔ aɖeke gbɔ hafi o.’—DƆWƆWƆWO 17:27.

XLẼ BIBLIA EYE NÀDE ŊUGBLE LE EMENYAWO ŊU.

“Ekpɔa dzidzɔ ɖe Yehowa * ƒe se la ŋu, eye wòdea ŋugble le eƒe se la ŋu . . . zã kple keli. . . . Nu sia nu si wòwɔna la adze edzi.”—PSALMO 1:2, 3, etenuŋɔŋlɔ.

^ mm. 23 Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.