Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kae Wòfia Be Ame Nanye Gbɔgbɔmeme? Ðe Mate Ŋu Anye Gbɔgbɔmeme Evɔ Nyemanɔ Subɔsubɔha Aɖeke Me Oa?

Nu Kae Wòfia Be Ame Nanye Gbɔgbɔmeme? Ðe Mate Ŋu Anye Gbɔgbɔmeme Evɔ Nyemanɔ Subɔsubɔha Aɖeke Me Oa?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Nya gbɔgbɔmemenyenye si wozã le Biblia me la fia didi vevie si le ame aɖe me be yeadze Mawu ŋu, eye yeabu nuwo ŋu abe ale si Mawu bunɛ ene. Ame si nye gbɔgbɔmeme la dzea agbagba be yeanɔ agbe wòawɔ ɖeka kple Mawu ƒe dzidzenuwo, eye wòɖea mɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea fiaa mɔe. aRomatɔwo 8:5; Efesotɔwo 5:1.

 Zi geɖe la, Biblia nɔa te ɖe ale si ame wɔa nui dzi tsɔ dea vovototo si le gbɔgbɔmeme kple ŋutilãmeme dome. Le kpɔɖeŋu me, “ŋutilãmeme mexɔa Mawu ƒe gbɔgbɔ la ƒe nuwo o” alo melɔ̃na be Mawu nafia nu ye o, gake gbɔgbɔmeme ya mele nenema o. (1 Korintotɔwo 2:14-16) Azɔ hã, gbɔgbɔmeme nye ame si naa nu faa eye wòwɔa ŋutifafa, gake ŋutilãmeme yɔ fũu kple “ŋuʋaʋã kple dzre.” (1 Korintotɔwo 3:1-3) Eye Biblia gblɔ tso ame siwo gblẽa ame ŋu eye womaa xɔlɔ̃wo dome la ŋu be wole ‘abe lãwo siwo mebua gbɔgbɔmenuwo ŋu o ene.’—Yuda 19; Lododowo 16:28. b

Nyati sia aɖo biabia siawo ŋu

 Nu ka tae amegbetɔwo tsɔa ɖe le gbɔgbɔmenuwo me?

 Amegbetɔwo ɖea nɔnɔme nyuiwo fiana elabe Mawu ƒe nɔnɔme nue wowɔ wo ɖo. (1 Mose 1:27) Eya ta mewɔ nuku o be ame geɖe dea asixɔxɔ nu siwo míekpɔna o ŋu eye wodina be yewoanya nu tso wo ŋu.

 Le dzɔdzɔme nua, míetea ŋu ɖea Yehowa c Mawu ƒe nɔnɔmewo abe ŋutifafa, nublanuikpɔkpɔ kple ameŋkumemakpɔmakpɔ ene fiana. (Yakobo 3:17) Tsɔ kpe ɖe eŋua, Mawu tsɔa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea doa ŋusẽ ame siwo dzea agbagba be yewoawɔ ɖe eƒe sewo dzi.— Dɔwɔwɔwo 5:32.

 Nu ka tae wòle vevie be ame nanye gbɔgbɔmeme?

 Ne ame aɖe nye gbɔgbɔmeme, alo subɔa Mawu la, esia ate ŋu ana wòakpɔ “agbe kple ŋutifafa.” (Romatɔwo 8:6) Mímate ŋu atsɔ naneke asɔ kple agbe kple ŋutifafa si Mawu nana o.

  •   Agbe: Mawu do ŋugbe be yeana agbe mavɔ ame siwo subɔnɛ.—Yohanes 17:3; Galatiatɔwo 6:8.

  •   Ŋutifafa: Esia nye ŋutifafa me nɔnɔ kple Mawu. Ame siwo tsɔa woƒe susu ɖoa ŋutilãme nuwo ɖeɖe ko ŋu la nye Mawu ƒe futɔwo. (Romatɔwo 8:7) Ke Mawu tsɔa “[eƒe] ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta” yraa ame siwo nye gbɔgbɔmemewo. (Filipitɔwo 4:6, 7) Ŋutifafa vavã sia nana wokpɔa dzidzɔ le agbe me.—Mateo 5:3.

 Aleke mawɔ anye gbɔgbɔmeme?

  •   Srɔ̃ Mawu ƒe sewo eye nàwɔ wo dzi. Àte ŋu awɔ esia ne èxlẽa Biblia si nye Mawu ƒe Nya. Enye agbalẽ si Mawu tsɔ eƒe ‘gbɔgbɔ kɔkɔea ʋã amewo’ woŋlɔ. (2 Petro 1:21) Nu siwo nàsrɔ̃ akpe ɖe ŋuwò nàsubɔ Mawu le “gbɔgbɔ kple nyateƒe” me, eye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea akpe ɖe ŋuwò nàwɔ eƒe lɔlɔ̃nu.—Yohanes 4:24.

  •   Do gbe ɖa nàbia Mawu ƒe kpekpeɖeŋu. (Luka 11:13) Mawu akpe ɖe ŋuwò nàɖe nɔnɔme siwo aɖee afia be ènye gbɔgbɔmeme la afia. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Mawu ana nunya wò be nàte ŋu anɔ te ɖe agbe me kuxiwo nu.—Yakobo 1:5.

  •   De ha kple gbɔgbɔmemewo. Woakpe ɖe ŋuwò ahade dzi ƒo na wò be nàsubɔ Mawu bliboe. (Romatɔwo 1:11, 12) Gake ne èdea ha kple ame siwo mebua nuwo ŋu abe ale si Mawu bunɛ ene o la, esia makpe ɖe ŋuwò nànye gbɔgbɔmeme o.—Yakobo 4:4.

 Ðe wòle be manɔ subɔsubɔha aɖe me hafi anye gbɔgbɔmemea?

 Subɔsubɔha aɖe me nɔnɔ ɖeɖe dzaa mana ame nanye gbɔgbɔmeme o. Biblia gblɔ be: “Ne ame aɖe bua eɖokui mawusubɔlae, evɔ meléa eƒe aɖe o la, eya ŋutɔ ƒe dzi blem wòle, eye eƒe subɔsubɔ nye dzodzro.”—Yakobo 1:26.

 Biblia na eme kɔ be ame siwo nye gbɔgbɔmemewo subɔa Mawu le mɔ si dzea eŋu nu. Wolɔ̃ ɖe edzi be ‘gbɔgbɔ ɖeka’ si nye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea koe li. Gbɔgbɔ ma ʋãa wo be woasubɔ Mawu abe hame ɖeka, si nye “ŋutilã ɖeka” si léa “gbɔgbɔ la ƒe ɖekanyenye me ɖe asi le ŋutifafa ƒe nublanu la me” ene.—Efesotɔwo 4:1-4.

 Susu totro siwo le amewo si ku ɖe gbɔgbɔmemenyenye ŋu

 Susu totro: Be ame nanye gbɔgbɔmeme fia be, amea nanɔ agbe le mɔ si ana eƒe dzi nadze eme la nu, eye wòase le eɖokui me be ye nye ame si tɔgbi yedi be yeanye.

 Nyateƒea: Biblia ɖee fia be, be ame nanye gbɔgbɔmeme la, ele be wòaɖe mɔ Mawu nafia mɔe eye wòanɔ agbe ɖe Mawu ƒe nudidiwo nu. Eye madze agbagba be yeanɔ agbe si me dzidzeme le, Mawu manɔmee o. Ke hã, ame siwo nye gbɔgbɔmemewo lɔ̃na ɖe edzi be Yehowae nye yewo Wɔla, eye wonɔa agbe wòwɔa ɖeka kple eƒe tameɖodowo, eye esia nana woƒe dzi dzea eme.—Psalmo 100:3.

 Susu totro: Be ame nanye gbɔgbɔmeme fia be amea nate nanewo siwo dzɔa dzi nɛ la eɖokui, alo ado vevesese na eɖokui.

 Nyateƒea: Biblia gblɔ be fuwɔwɔ ame ɖokui nye “subɔsubɔ si ƒomevi ame ɖo na eɖokui” eye ŋutilãmeme ƒe nuŋububue esia nye. (Kolosetɔwo 2:18, 23) Biblia ɖee fia be gbɔgbɔmeme ƒe agbe me yɔ fuu kple dzidzɔ, ke menye vevesese o.—Lododowo 10:22.

 Susu totro: Ne èdoa ka kple gbɔgbɔ aɖe ko la, efia be ènye gbɔgbɔmeme.

 Nyateƒea: Ame geɖe siwo ƒoa wo ɖokui ɖe gbɔgbɔyɔyɔ ƒomevi vovovowo me la xɔe se be yewoate ŋu ado ka kple ame kukuwo. Ke hã, Biblia fia nu be ame kukuwo meganyaa naneke o. (Nyagblɔla 9:5) Le nyateƒe me la, gbɔgbɔyɔyɔ nye kadodo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo, siwo nye Mawu ƒe futɔwo. Mawu lé fu gbɔgbɔyɔyɔ vevie, eye gbɔgbɔyɔyɔ menana ame ƒe subɔsubɔ dzea Mawu ŋu o.—3 Mose 20:6; 5 Mose 18:11, 12.

 Susu totro: Mawu de gbɔgbɔmemenyenye eƒe nuwɔwɔwo katã me.

 Nyateƒea: Mawu ƒe nuwɔwɔwo katã hea kafukafu vana nɛ. (Psalmo 145:10; Romatɔwo 1:20) Ke hã, amegbetɔwo kple mawudɔlawo koe ate ŋu ana ƒomedodo nanɔ woawo kple Mawu dome. Gake lãwo ya mate ŋu adze xɔlɔ̃ Mawu o, elabe seselelãme nue wowɔa nu ɖo. Zi geɖe la, woƒe ŋutilã ƒe nuhiahiãwoe kpɔa ŋusẽ ɖe woƒe nuwɔnawo dzi. (2 Petro 2:12) Eya tae Biblia gblɔ be ame siwo menye gbɔgbɔmemewo o la bua nuwo ŋu hewɔa nu abe lãwo ene.—Yakobo 3:15; Yuda 19.

a Le gbe gbãtɔ siwo me woŋlɔ Biblia ɖoa, nya siwo gɔme woɖe be “gbɔgbɔ” la gɔmeɖeɖe koŋ ye nye “ŋɔtimegbɔgbɔ.” Wogaɖea egɔme wòfiaa nane si womate ŋu akpɔ kple ŋku o, gake eƒe dɔwɔwɔ ɖenɛ fiana be eli. Biblia ɖɔ Yehowa be enye Gbɔgbɔme Gãtɔ kekeake. Ame si nye gbɔgbɔmeme la tianɛ be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu eye wòɖea mɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa fiaa mɔe.

b Ne wozã nya “ŋutilãmeme” le Biblia me na amegbetɔwoa, efiaa ame siwo ƒe nuŋububu kple nuwɔnawo katã ku ɖe ŋutilãmenuwo ko ŋu eye womebua Mawu ƒe nudidiwo ya ɖe ɖeke me o.

c Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.—Psalmo 83:18.