Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 BIBLIA ƑE NUKPƆSUSU

Lãmesẽ

Lãmesẽ

Ðe Mawu tsɔ ɖe le míaƒe lãmesẽnyawo mea?

“Meganɔ wain tsu nolawo kple lã tsu ɖulawo dome o.”Lododowo 23:20.

NU KA TAE WÒLE VEVIE?

Biblia menye atikewɔgbalẽ o; eye mede se ku ɖe amegbetɔ ƒe agbemenuwɔna ɖe sia ɖe hã ŋu o. Ke hã ale si Mawu bua lãmesẽnyawoe xexlẽ le Biblia me aɖe vi na wò.

NU SI BIBLIA GBLƆ

Mawunyakpukpui geɖe ƒo nu tso ale si Mawu bua ale si míewɔa nu ɖe míaƒe ŋutilã ŋu la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Biblia ƒo nu tsi tre ɖe nu siwo ate ŋu agblẽ nu le míaƒe ŋutilã ŋu, abe ahamumu kple nu tsu ɖuɖu ene ŋu. (Lododowo 23:20) Se si Mawu de na blema Israel dukɔa dometɔ aɖewo ku ɖe nu siwo woawɔ atsɔ alé dɔlélewo nu alo axe mɔ ɖe wo nu kura la ŋu. Dedienɔnɔ ŋuti mɔfiame aɖewo koŋ le Sea me siwo akpe ɖe ame ŋu wòaƒo asa na afɔkuwo. (5 Mose 22:8) Edze kɔtɛe be Biblia de dzi ƒo na mí be míalé be na mía ɖokuiwo eye míaɖe afɔ siwo sɔ atsɔ akpɔ míaƒe lãmesẽ ta.

 Le Biblia ƒe nya nu la, nu ka gbɔe wòtso be míedzea dɔ?

“To ame ɖeka dzi nu vɔ̃ ge ɖe xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va.”Romatɔwo 5:12.

NYA SI AMEWO GBLƆNA

Ame geɖe xɔe se be dɔléle nye nane si dzɔ le eɖokui si esime amegbetɔwo nɔ tɔtrɔm. Ame bubuwo susui be vivimeŋusẽwo, abe gbɔgbɔ vɔ̃wo ene, gbɔe míaƒe lãmesẽkuxiwo tsona.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Le Biblia ƒe nya nu la, esi amegbetɔ gbãtɔwo dze aglã ɖe Mawu ŋu tae míedzea dɔ ɖo. (Romatɔwo 5:12) Mía dzila gbãtɔ Adam kple Xawa nɔ lãmesẽ blibo me hafi wova dze aglã ɖe Mawu ŋu. Wonyae be ne yewogbe Mawu ƒe beléname si me lɔlɔ̃ le la, yewoaku. (1 Mose 2:16, 17) Ke hã woɖoe koŋ tso xɔlɔ̃wɔwɔ si nɔ wo kple Mawu dome la me, ale wobu woƒe blibodedea. *

Míenyi blibomademade ƒe dome tso mía dzila gbãtɔ siwo dze aglã ɖe Mawu ŋu la gbɔ. Eya ta togbɔ be ameƒomea le agbagba dzem kpem be yeaɖe dɔléle ɖa hã la, gbeɖegbeɖea koe.

NU KAE NÀWƆ?

Biblia fia nu be ne èwɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiame siwo me nunya le dzi tsɔ dzra wò kplii dome ɖo la, àva nɔ agbe le paradiso me le anyigba dzi le lãmesẽ blibo me. (Yesaya 33:24) Mawu do ŋugbe be yeaɖe vevesese, dɔléle kple ku ɖa.—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Ðe Biblia xe mɔ ɖe atikewɔwɔ nua?

“Ame siwo le lãmesẽ me la mehiã atikewɔla o, gake ame siwo le dɔ lém la hiãe.”Mateo 9:12.

NYA SI AMEWO GBLƆNA

Ame aɖewo gblɔna be gbɔgbɔmegbedada (si wogayɔna be xɔsegbedada) la nyo wu atikewɔwɔ.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Mawu ɖe mɔ atikewɔlawo nɔ eƒe ame siwo nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la dome. (1 Mose 38:28; Kolosetɔwo 4:14) Naneke mele Biblia me si ɖee fia be Mawu mekpɔ ŋudzedze ɖe atikewɔla mawo ƒe gbewo, dɔmiwo kple nuɖuɖu aɖewo koŋ tsitsri kple dɔdamɔnu bubuwo zazã ŋu o. Le nyateƒe me la, Yesu gblɔ be “ame siwo le lãmesẽ me la mehiã atikewɔla o, gake ame siwo le dɔ lém la hiãe.”—Mateo 9:12.

Ke hã Biblia meda asi ɖe dɔdamɔnu ɖe sia ɖe ƒomevi dzi o. Le kpɔɖeŋu me, Biblia meda asi ɖe xɔsegbedada siwo li egbea la dzi o. Eye Mawu meda asi ɖe dɔdamɔnu siwo lɔ gbɔgbɔyɔyɔ ɖe eme hã dzi o. (Galatiatɔwo 5:19-21) To vovo na dɔdamɔnu siwo Biblia tsri la, nu nyuitɔ si wòle be míawɔ ne míedze dɔe nye be míadi dɔdamɔnu si sɔ kaba ne ɖe li.

^ mm. 10 Le nyati sia me la, míezã nya siwo nye “blibo” kple “blibodede” tsɔ fia lãmesẽ nyui si me amegbetɔ gbãtɔwo nɔ, womeléa dɔ o, woƒe lãme megblẽna o, eye womekuna hã o.