Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Wòsɔ Be Kristotɔ Nalɔ̃ Woawɔ Atike Nɛa?

Ðe Wòsɔ Be Kristotɔ Nalɔ̃ Woawɔ Atike Nɛa?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Ɛ̃. Yesu gblɔ be: “Ame siwo le lãmesẽ me la mehiã atikewɔla o, gake ame siwo le dɔ lém la hiãe.” (Mateo 9:12) Eƒe nya siawo fia be eyomedzelawo ate ŋu alɔ̃ faa woawɔ atike na wo. Togbɔ be menye atikewɔgbalẽe Biblia nye o hã la, mɔfiamewo le eme siwo akpe ɖe ame siwo di be yewoadze Mawu ŋu la ŋu.

Nya siwo wòle be nàbia ɖokuiwò

 1. Ðe mese atikewɔmɔnu si wobe yewoazã nam la gɔmea? Biblia ɖo aɖaŋu na mí be míado nyawo akpɔ ahakpɔ kakaɖedzi le wo ŋu tsɔ wu be míaxɔ “nya sia nya” dzi ase.—Lododowo 14:15.

 2. Ðe wòhiã be magakpɔ atikewɔla bubuwo ƒe susu le nya sia ŋua? “Adaŋudela geɖewo” ƒe susuwo dada kpɔ ate ŋu aɖe vi na mí vevietɔ ne míedze dɔ sesẽ aɖe.—Lododowo 15:22.

 3. Ðe dɔdamɔnua awɔe be mada le Biblia ƒe se si nye be “woatsri . . . ʋu” dzia?—Dɔwɔwɔwo 15:20.

 4. Ðe gbɔgbɔyɔyɔ ƒe nuwɔnawo nɔa mɔ si dzi ɖɔkta ato adom kpɔ kple dɔdamɔnua mea? Biblia tsri “gbɔgbɔyɔyɔ.” (Galatiatɔwo 5:19-21) Be nànya ne atikewɔmɔnua lɔ gbɔgbɔyɔyɔ ɖe eme la, bu nyabiase siawo ŋu:

  •   Ðe atikewɔla la zãa gbɔgbɔyɔyɔa?

  •   Ðe atikewɔlaa susui be ɖe nèdze agɔ le mawuwo dzi alo adzetɔwo gbɔe dɔa tsoa?

  •   Ðe atikea wɔwɔ alo ezazã alɔ vɔsasa, gbesa, alo nuwɔna siawo ƒomevi ɖe emea?

 5. Ðe metsi dzi fũu akpa ɖe nye lãmesẽ ŋua? Biblia ɖo aɖaŋu be: “Mina amewo katã nanyae be nugɔmeselawo mienye.” (Filipitɔwo 4:5) Nugɔmesese akpe ɖe ŋuwò nàle fɔ ɖe “nu siwo le vevie wu,” abe mawusubɔsubɔ ene ŋu.—Filipitɔwo 1:10; Mateo 5:3.