Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðaseɖikekeviwo “Yi Mɔkeke” Kple Mɔkekeyilawo Le Gemany

Ðaseɖikekeviwo “Yi Mɔkeke” Kple Mɔkekeyilawo Le Gemany

Le dugã geɖewo me le xexea me godoo la, amewo kpɔa kekevi siwo dzi Yehowa Ðasefowo ɖo woƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖo. Le kpɔɖeŋu me, le Germany la, Ðasefoawo ɖo ɖaseɖikekewo ɖe dugãwo abe, Berlin, Cologne, Hamburg, Munich, kple dugã bubuwo siwo me amewo sɔgbɔ ɖo la me.

Gake ɖe amewo akpɔ dzidzɔ ɖe kekevi dzeani siawo ŋu le du sue siwo me Germanytɔwo yia mɔkeke le mea? Ðe ɖaseɖikekeviawo zazã aɖe vi le dziehe nutowo kple ƒutaduwo me, kpakple Baltik ƒua kple Dzieheƒua ƒe ƒukpowo hã dzia? Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Titina Europa na wowɔ dɔ tɔxɛ aɖe le ƒe 2016 me, si na míekpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo. Tso May va se ɖe October me la, Ðasefo 800 kloe siwo zãa ɖaseɖikekeviwo le Germany ƒe dugãwo me la lɔ̃ faa tsɔ wo ɖokuiwo na hetsɔ kekeviwo yi teƒe vovovo 60 le Germany ƒe dzigbe gome; wo dometɔ aɖewo tso keke Austria ƒe du si nye Vienna me ke hã.

“Wobu Mí Dua Me Tɔwoe”

Amewo xɔ Ðasefoawo nyuie. Nɔviawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Amewo kpɔ dzidzɔ ɖe mía ŋu. Woɖe xɔlɔ̃wɔwɔ fia, wodi be yewonya nya si le mía si, eye wolɔ̃ faa ɖo dze kple mí.” Heidi, si zɔ mɔ yi du si nye Plön me gblɔ be: “Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, wobu mí dua me tɔwoe. Wo dometɔ siwo kpɔ mí dze sii la, ʋuʋua asi na mí.” Ŋutsu tokunɔ aɖe wɔ dzesi na mí le tokunɔgbe me be: “Míele afi sia afi!” Eya kple xɔlɔ̃wo gbɔ tso kpekpe aɖe si wowɔ na tokunɔwo le Germany ƒe anyieheɣedzeƒe gome eye wokpɔ Yehowa Ðasefowo le afi ma hã.

Dua me tɔ aɖewo na kpekpeɖeŋu nɔviawo gɔ̃ hã. Le ƒukpo si nye Wangerooge dzi la, kpovitɔ aɖe te ɖe Ðasefoawo ŋu eye wòɖo aɖaŋu na wo tufafatɔe ku ɖe ale si woawɔ ake ame geɖe wu ŋu. Le du si nye Waren an der Müritz la, ame si nye ʋumefia le tsaɖilawo ƒe tɔdziʋu aɖe me la, he tsaɖilawo ƒe susu yi teƒe vovovo siwo kpɔkpɔ adzɔ dzi na wo la dzi. Efia asi ɖaseɖikekevi aɖe le melidzeƒea hegblɔ be: “Eye le afi maa, miate ŋu asrɔ̃ nu tso Mawu ŋu.” Mɔkekeɖula geɖe te ɖe kekeviawo ŋu eye woxlẽ nu siwo woŋlɔ ɖe boblodogbalẽvi si woklã ɖe kekevia dzi la.

Tsaɖilawo kple dua me tɔwo siaa kpɔ dzidzɔ ɖe agbalẽ gbadzaa etɔ̃ sia ŋu:

  • Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa? Tsaɖila aɖe gblɔ be: “Menɔ nya sia biam ɖokuinye ɣeyiɣi didi aɖee nye esia. Fifia si mele mɔkekea, makpɔ vovo axlẽ nu tso nya sia ŋu.”

  • Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ! Ŋutsu tsitsi aɖe gblɔ na Ðasefoawo be dzi ɖe le ye ƒo le subɔsubɔnyawo ŋu. Wokpe ɖe eŋu wòse egɔme be amegbetɔ aɖeke mate ŋu akpɔ míaƒe kuxiwo gbɔ o, Mawu koe ate ŋu awɔ esia. Ŋutsua xɔ agbalẽ gbadzaa kple dzidzɔ eye wògblɔ be yeaxlẽe.

  • Nye Biblia Nusɔsrɔ̃wo. Vifofo aɖe ɖe mɔ na via nyɔnuvi sue be wòatsɔ agbalẽ gbadzaa sia, si wota na ɖeviwo koŋ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, eya ŋutɔ tsɔ Nye Agbalẽ si Nye Biblia Ŋutinyawo eye wogblɔ be: “Esia aɖe vi na nye ƒomea.”

Amewo xɔ agbalẽ kple agbalẽ gbadza siwo wu 3,600. Ame aɖewo bia tso Ðasefoawo si be woava srã yewo kpɔ ayi dzeɖoɖoa dzi kpli yewo.

Ðasefo siwo wɔ dɔ sia kpɔ dzidzɔ ale gbegbe. Jörg kple srɔ̃a, Marina, zɔ mɔ yi teƒe aɖe si gogo Baltik Ƒua. Wogblɔ be: “Nunana tɔxɛ aɖee wònye na mí. Míese vivi na Mawu ƒe nuwɔwɔwo, eye le ɣeyiɣi ma ke mea, míete ŋu ɖo dze tso eŋu na ame bubuwo.” Lukas, si xɔ ƒe 17, gblɔ be: “Edzɔ dzi nam ŋutɔ! Menye dzidzɔ ko meva kpɔ o, mete ŋu na nu xɔasi aɖe amewo hã.”