Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ko Alɔgbɔnu

Ko Alɔgbɔnu

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Ne míegblɔ ŋutinya vivi’o;

    Ne míegblɔ nya akpewo;

    Ne míeta nu nyui geɖewo,

    Ðe ema aʋã dzia?

    Ate ŋu’aɖe vi ɣeaɖe’oɣi

    Ne míeɖe dɔmenyo fia.

    Gake ɣeaɖe’oɣi hã,

    Alɔgbɔnu koe hiã.

    (HAXE)

    Ko’alɔgbɔnu; ade dzi gbɔ na wo.

    Ko’alɔgbɔnu; ana woaɖe dzi ɖi.

    Ne èdo gbe ɖa vevie vɔ ko la,

    Ke àkpɔe be, alɔgbɔnu koe hiã.

  2. 2. Nu si’o le dzɔdzɔm egbea, na dzi ɖe l’amewo ƒo.

    Amewo wɔa nu vlo geɖe ɖe wo ŋu l’afi sia ’fi.

    Esia nana woléa blanui; míekpɔnɛ le mo na wo.

    ’Ya ta míaɖe gbeƒã nya nyuia, atsɔ afa ’kɔ na wo.

    (HAXE)

    Ko’alɔgbɔnu; ade dzi gbɔ na wo.

    Ko’alɔgbɔnu; ana woaɖe dzi ɖi.

    Ne èdo gbe ɖa vevie vɔ ko la,

    Ke àkpɔe be, alɔgbɔnu koe hiã.

  3. 3. Evea mí ɣeaɖewoɣi n’amewo gbe nya nyuia.

    Ke míana ta gbeɖe o; míayi ’dzi aɖe gbeƒã.

    Ame aɖewo gbea nya nyuia, ’labe woƒe dzi me sẽ.

    Ke ɖe’ohĩ, nukomo koe hiã, be woalɔ̃ axɔ mí.

    (HAXE)

    Ko’alɔgbɔnu; ade dzi gbɔ na wo.

    Ko’alɔgbɔnu; ana woaɖe dzi ɖi.

    Ne èdo gbe ɖa vevie vɔ ko la,

    Ke àkpɔe be, alɔgbɔnu koe hiã.