Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na Míatee Kpɔ

Na Míatee Kpɔ

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Míedi vevie

    Be míasubɔ

    Mía Mawu la

    Ɣeyiɣiawo katã.

    ’Ya ta míatso

    Enumake.

    Mɔnukpɔkpɔ nyui sia

    Magava o.

    (HAXE)

    Na míatee kpɔ;

    Na míaɖɔe kpɔ.

    Míahe ɖe megbe o;

    Na míaɖe zɔ.

    Míavɔ̃ gbeɖe’o;

    Míaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu

    Akpɔ ŋgɔgbe

    Le xɔse me.

  2. 2. Yehowa nya

    Míaƒe hiahiã’o

    Hafi míabia.

    ’Ya ta magblẽ mí ɖi’o.

    Adze abe

    Manya wɔ o.

    Ke míaka ɖe Ma’u dzi

    Ne míatee kpɔ.

    (HAXE)

    Na míatee kpɔ;

    Na míaɖɔe kpɔ.

    Míahe ɖe megbe o;

    Na míaɖe zɔ.

    Míavɔ̃ gbeɖe’o;

    Míaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu

    Akpɔ ŋgɔgbe

    Le xɔse me.

  3. 3. Ʋɔtru gã sia

    Le ʋuʋu ɖi.

    Míage ɖe ’me

    Be míaxɔ yayrawo.

    Etsɔme hã

    Teƒeɖoɖo manyagblɔ

    Asu mía si

    Yi mavɔ me.

    (HAXE)

    Na míatee kpɔ;

    Na míaɖɔe kpɔ.

    Míahe ɖe megbe o;

    Na míaɖe zɔ.

    Míavɔ̃ gbeɖe’o;

    Míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu

    Akpɔ ŋgɔgbe

    Le xɔse me.

    Na míatee kpɔ;

    Na míaɖɔe kpɔ.

    Míahe ɖe megbe o;

    Na míaɖe zɔ.

    Míavɔ̃ gbeɖe’o;

    Míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu

    Akpɔ ŋgɔgbe

    Le xɔse me.

    Na míatee kpɔ.