Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyemagblẽ Wò Ði O

Nyemagblẽ Wò Ði O

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Nɔnɔme sesẽ’o

    Vaa mía dzi le agbe sia me.

    Ate ŋu’adzɔ be míatɔtɔ vevie

    Le vɔ̃dzɔgbe kple nyadzɔgbe.

    Mawu kpɔa sia’o katã.

    Enya mí wu mía ɖokuiwo;

    Enya míaƒe ŋutetewo katã nyuie.

    Eya ŋu ko míaɖo ŋu ɖo.

    (DOMEHAXE)

    Míexɔ’asi nɛ ŋutɔ,

    Metsɔ le ŋutete si le mía si me’o.

    Edi be mí katã

    Míasrɔ̃ ye alɔ̃ mía nɔewo.

    (HAXE)

    Xɔ̃nyee nènye, ’labe èli nam

    Le ɣeyiɣi nyui’o kple vɔ̃wo siaa me.

    ’Ye nye hã

    Meli na wò ɖaa ne agba wu tsɔtsɔ.

    Xɔ̃wò vavã menye;

    Nyemagblẽ wò ɖi’o.

  2. 2. Míefaa ’kɔ na ’mía nɔe’o

    Ne dzigbãnya sesẽwo va.

    Ɣeaɖewoɣi hã aɖatsi dzaa koe hiã

    Be míaɖee fia be míelɔ̃ wo.

    (DOMEHAXE)

    Ne xaxa’o nu sẽ hã,

    Yehowa megblẽa mí ɖi kpɔ gbeɖe o.

    Míasrɔ̃ mía Mawu la

    Akpe ɖe mía nɔewo ŋu faa.

    (HAXE)

    Xɔ̃nyee nènye, ’labe èli nam

    Le ɣeyiɣi nyui’o kple vɔ̃wo siaa me.

    ’Ye nye hã

    Meli na wò ɖaa ne agba wu tsɔtsɔ.

    Xɔ̃wò vavã menye;

    Nyemagblẽ wò ɖi’o.

    (HAXE)

    Xɔ̃nyee nènye, ’labe èli nam

    Le ɣeyiɣi nyui’o kple vɔ̃wo siaa me.

    ’Ye nye hã

    Meli na wò ɖaa ne agba wu tsɔtsɔ.

    Xɔ̃wò vavã menye;

    Nyemagblẽ wò ɖi’o.