Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nɔviwoe Míenye

Nɔviwoe Míenye

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Míezɔ mɔ yi dzronyigba dzi.

    Míegblẽ míaƒe ƒomewo ɖi.

    Gake Yehowa

    Megblẽ mí ɖi o.

    Eyi edzi le mía yram.

    Eyae míewɔa subɔsubɔdɔ na.

    Míelɔ̃e tso dzi blibo me.

    Nɔviwo ƒe habɔbɔ bliboa hã lɔ̃ mí,

    Eya ta míavɔ̃ o.

    (HAXE)

    Mawu ƒ’amewo míenye;

    Mí katã, nɔviwo míenye.

    Afi ka kee nèɖatso o,

    Míelɔ̃ wò.

    Nɔviwo míenye.

  2. 2. Mía nɔvi’o nɔ mía lalam be

    Yewoaxɔ mí katã atuu.

    Gamea su azɔ na takpekpe sia

    Si agado ŋusẽ mí.

    Míenya nyuie be mía Fofo Yehowa

    Ye wɔ nu nyui sia’o na mí.

    Ta míatsɔ nusɔsɔe akafu mía Mawu la,

    ’Fi ka kee míeɖale’o.

    (HAXE)

    Mawu ƒ’amewo míenye;

    Mí katã, nɔviwo míenye.

    Afi ka kee nèɖatso o,

    Míelɔ̃ wò.

    Nɔviwo míenye.

  3. 3. Togbɔ be míele duta hã,

    Míetsɔ nya nyuia yi na ’mewo.

    Dzinyuitɔ siwo míeɖe gbeƒã na

    Xɔ nya nyuia kple dzidzɔ gã.

    ’Ye lɔlɔ̃ si nɔvi’o ɖe fia mí hã

    Na míaƒe dzi dze eme.

    ’Ya ta xexea ƒ’akpa ka kee míeɖayi o,

    Míenye ƒome ɖeka!

    (DOMETSOHA)

    Yayrae wònye

    Be nɔvi’o le mía si le afi sia ’fi:

    Asia yi Amerika,

    Europa va Afrika.

    (HAXE)

    Mawu ƒ’amewo míenye;

    Mí katã, nɔviwo míenye.

    Afi ka kee nèɖatso o,

    Míelɔ̃ wò.

    Nɔviwo míenye.

    Dukɔ ka ke mee míetso’o,

    Mí katã, nɔviwo míenye.

    Lɔlɔ̃ vavã le mía dome,

    Elabe Mawu ƒe vi’o míenye!

    Togo, Tahiti, Benin kple Liberia

    Cô’ d’Ivoire, Ghana kple Nigeria;

    Madagascar, Kazakhstan, kple Estonia—

    Mí katã, nɔviwo míenye.